Pular para o conteúdo
Publicidade

Coração puro

Por Bíblia Online

Bem-aventurados os puros de coração, porque verão a Deus. A pureza de coração é alvo, privilégio e busca constante do cristão que deseja contemplar a face do Senhor.

Coração puro

Bem-aventurados os puros de coração. A pureza interior precede toda transformação externa e abre os olhos para ver a Deus.

Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo dza le miaƒe dzi me,

elabena miawoe akpɔ Mawu.

Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ?

Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la?

Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe,

ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o,

eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o.

Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu,

eƒe Ɖela la, atso afia .

Ɣla mo ɖe nye nu ̃wo,

eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa.

O! Mawu, dzi dzadzɛ aɖe nam,

eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.

Mègatsɔm ƒu gbe le ŋkume,

alo nàxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o.

Vavã, Mawu nyui na Israel

kple ame siwo dza le woƒe dzi me.

Purificar-se

Todo o que tem essa esperança em Cristo se purifica. O amor procede de coração puro, boa consciência e fé sincera.

Ame siwo katã le mɔkpɔkpɔ me alea la wɔa wo ɖokuiwo dzadzɛe abe ale si eya le dzadzɛe ene.

̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene. Ame siwo katã le mɔkpɔkpɔ me alea la wɔa wo ɖokuiwo dzadzɛe abe ale si eya le dzadzɛe ene.

Nu si metsi dzi na vevie lae nye be kristotɔ siwo katã le afi ma la nayɔ fũu kple lɔlɔ̃ si tso dzi vavãwo kple dzitsinya nyui me, eye woasẽ ŋu le xɔse me.

Si le nu sia nu si naa nu ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu, eye wògena ɖe mewò la nu, ke nàlé ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ kpakple ŋutifafa nanɔ mewò, eye nàna hadede kple ame siwo yɔa Aƒetɔ la, eye woƒe dzi me la, nado dzidzɔ na .

Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye be miayɔ fũu, eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo, eye nenema ke, mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me. Elabena medina vevie ɣe sia ɣi be miakpɔ vovototo le nyui kple ̃ dome, eye kpe ɖe esia ŋuti la, mianɔ dzadzɛ le miaƒe dziwo me, ale be ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le mia ŋuti o, va se ɖe esime Kristo nagatrɔ ava. Mitse dzɔdzɔenyenye ƒe ku si tso Yesu Kristo me la. Esiawoe ahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe geɖe na Mawu.

Miwɔ nu sia nu liʋĩliʋĩlilĩ kple nyahehe manɔmee, ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene, eye migblɔ Agbenya la na wo, be mate ŋu aƒo adegbe le Kristo ƒe vavagbe be nyemewɔ vlo o.

Ekema nenye be Kristo gava la, makpɔ dzidzɔ aɖe be nyemewɔ si meɖe vi aɖeke o.

Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.

Fɔɖiɖi menɔa ame ŋutɔ ƒe mɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ŋkume o,

ke Yehowa daa susuwo kpɔ.

Seja o primeiro