Pular para o conteúdo
Publicidade

Corpo de Cristo

Por Bíblia Online

A Igreja é o Corpo de Cristo — organismo vivo onde cada membro tem função única e indispensável. Cristo é a cabeça; nós somos seus membros.

Um corpo, muitos membros

Assim como o corpo é um e tem muitos membros, assim é Cristo. Nós somos o corpo de Cristo e individualmente seus membros.

Ŋutilã ɖeka gake ŋutinu geɖewo

Ŋutinu geɖewo le míaƒe ŋutilã ŋu, ke ŋutinu geɖe siawo la, ŋutilã ɖeka ko wozuna ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu. Nenema tututue wòle le Kristo ƒe "ŋutilã" gome ,

Nu si mele agbagba dzem be magblɔ lae nye esi. katã míeƒo ƒu zu Kristo ƒe ŋutilã ɖeka, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ŋutinu ɖeka si le vevie.

Alo mienya be miaƒe ŋutilãwo nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo oa? Ne ele alea la, ekema ɖe wònyo be miatsɔ Kristo ƒe ŋutilã ade ha kple ahasiwɔla tɔa? Gbeɖe, mele be wòanɔ alea o!

Abe ale si ŋutinu geɖewo le miaƒe ŋutilãwo ŋu, eye ŋutinu siawo katã mewɔa ɖeka o ene la, nenema ke wole Kristo ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo , ame sia ame hiã nɔvia.

Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖekae li, abe ale si woyɔ mi na mɔkpɔkpɔ ɖeka ene.

Tso eya amea me la, wolé ŋutilã la ƒo ƒu helé wo nɔewo ɖe asi, eye ŋutilã la tsina le lɔlɔ̃ me, elabena ŋutinuwo katã le woƒe dɔwo wɔm.

Cristo, a cabeça

Ele é a cabeça do corpo, que é a igreja. O corpo cresce e se edifica em amor quando cada parte faz o seu trabalho.

Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo tso me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ.

Ke nye ƒe akpa aɖee nye be makpe fu ɖe mia ta, eye enye dzidzɔ nam be wòle nenema, elabena mele kpekpeɖeŋu nam, be Kristo ƒe fu siwo wòkpe ɖe eƒe ŋutilã si nye eƒe hamea ta la nawu enu.

Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi.

Elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be abe ale si Kristo wɔna na hame la ene, elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye.

Seja o primeiro