Publicidade

Dar

Por Bíblia Online

Dar é princípio do Reino de Deus. Jesus deu tudo — até a própria vida. A Bíblia nos ensina que é mais bem-aventurado dar do que receber, e que Deus ama ao que dá com alegria.

Dar com alegria

Deus ama ao que dá com alegria. Dai e dar-se-vos-á. O generoso prospera e quem abençoa será abençoado.

Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o, elabena Mawu ̃a ame siwo naa nu kple dzi faa la.

Seɖoƒe aɖeke meli na Mawu ƒe nunana si wònaa mi gbe sia gbe o. Eya ŋutɔ naa nu siwo hiãa mi la mi, eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ blibo me be ne miewɔ wo ŋuti ʋuu la, agatsi anyi be miana ame bubuwo atsɔ afia nyui wɔwɔ.

Ke Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye emegbe la, wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la ana nuku geɖewo mi be miaƒã, eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe, be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi, be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo .

Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta.

Ne enye miaƒe didi be yewoana nu la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o.

Mina nu, eye woana nu miawo . Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo ."

Princípios de generosidade

Honra ao Senhor com as tuas primícias. Não negues o bem a quem o merece. A alma generosa prosperará.

De bubu Yehowa ŋu kple kesinɔnuwo

kple agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,

Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze ,

ne ele ŋusẽ me be nàwɔe o.

Nu adze dzi na ame si na nu faa,

ame si na amewo ƒe dzi dze eme la,

woana eya ŋutɔ ƒe dzi nadze eme.

Nunana ʋua na nunala

eye wòkplɔnɛ gena ɖe amegã la ƒe ŋkumee.

Ele nu dzrom ŋkeke blibo la,

ke ame dzɔdzɔe la nana faa, eye metea ame o.

Ƒo nu eye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe,

ʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ƒe ablɔɖe ta."

Mitsɔ miaƒe nu ewoliawo katã va nudzraɖoƒe lae ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe nye gbedoxɔ me. Mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu akɔ yayra ɖe mia dzi fũu ale gbegbe be miaƒe nuɖuɖudzraɖoƒe ayɔ agbagba o mahã? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

O ensino de Jesus

Quando deres esmola, não toque a trombeta. A generosidade do coração importa mais que a grandeza do donativo.

"Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo.

Ke ne miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la o, ale be miaƒe nunana nanye bebemenu. Ekema mia Fofo si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la natu fe na mi.

Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo, mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ ̃wo do goe le amewo me. Mina nu amewo faa abe ale si wona mi ene!

Yesu gblɔ be, "Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na . Ne èwɔ esia la, va nàdze yonyeme."

Ne nu le asiwò, eye ame aɖe bia la, nae eye mègabia be netrɔe na ye o.

Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò ekema ana nu

siwo dzi di la .

Ame ̃ɖi doa nugbana, eye mexea fea o,

ke ame dzɔdzɔe ya naa nu faa.

"Ke ame kae menye eye ame kawoe nye amewo nye be nàɖe na be míana nane ? Gbɔwòe nu sia nu si le mía si la tso eye nu si nye tɔwò xoxo la ko míetsɔ na !

Nehemia gblɔ na wo be, "Miyi miaɖu nuɖuɖu nyui, miano aha vivi, eye miaɖo ɖe ɖe ame siwo mekpɔ naneke ɖa o. Esia nye ŋkeke kɔkɔe na míaƒe Aƒetɔ la. Migaxa nu o, elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu nye miaƒe ŋusẽ."

Nenye ɖe matsɔ nu sia nu si le asinye la ana ame dahewo, eye matsɔ nye ŋutilã ana be woatɔ dzoe, gake nyemelɔ̃a amewo o la, viɖe aɖeke kura manɔ nu sia ŋu o.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-