Desejos
Os desejos revelam o que há no coração. A Bíblia nos ensina a purificar nossos desejos, submeter a carne ao espírito e buscar as coisas que são de cima.
Desejos da carne
A carne milita contra o espírito. O cristão é chamado a vigiar, resistir e não satisfazer os desejos da natureza pecaminosa.
Eya ta mele egblɔm be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me, ale be miagawɔ ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o.
Elabena nɔvinyewo, woyɔ mi, eye wona ablɔɖe mi. Ke ablɔɖe la magana mianɔ agbe le ŋutilã nu o; ke boŋ be miave mia nɔewo nu le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me.
Nɔviwo, ne ame aɖe dze nu vɔ̃ me la, mi ame siwo Gbɔgbɔ la kplɔna la, miɖɔ ame ma ɖo le dɔmefafa me. Ke miɖɔ ŋu ɖo, be woagate miawo hã kpɔ o.
Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne menye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi, elabena gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ."
Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o,
ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me.’
Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene.
Elabena nu sia nu si le xexea me la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ etso xexea me. Nu siawoe nye: ŋutilã ƒe nudzodzro, ŋkubiabiã kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi.
Xexea me kple eƒe didiwo nu ava yi, gake ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa agbe tegbee.
Eya ta migbe nu le anyigbadzinu siwo yɔ fũu kple nu vɔ̃ la gbɔ; miwu didi vɔ̃ siwo le fiefiem le mia me. Migawɔ naneke si ku ɖe ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fieŋuifieŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ si nye trɔ̃subɔsubɔ o.
Purificar os desejos
Guarda o teu coração. Das profundezas do interior do homem saem os desejos — bons ou maus, conforme o coração.
"Mebla nu kple nye ŋku be
megakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o.
Ɖe ŋutsu aɖe azɔ le dzoka xɔxɔ dzi
eye eƒe afɔwo nagbe fiafia?
Ele nu dzrom ŋkeke blibo la,
ke ame dzɔdzɔe la nana faa, eye metea ame o.
Kasia wò ŋku nabe yeato kesinɔnuwo dzi la,
wo nu va yi xoxo
elabena woato aʋala godoo
eye woadzo adzo ayi ɖe dziƒo ʋĩi abe hɔ̃ ene.
Nu tovo wɔwɔwo katã ƒe dzɔtsoƒee nye galɔlɔ̃; ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, trana tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔa veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo.
Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, "Mɔɖeɖe li be míate ŋu awɔ nu sia nu faa" ne Aƒetɔ Yesu mede se tɔxɛ aɖeke ɖe wo ŋu o. Esia anya nɔ eme alea gake menye nu sia nu wɔwɔe nyona na ame o. Ame ate ŋu awɔ nu sia nu faa ne mɔɖeɖe li gake menyo be ame nazu kluvi na naneke kura o.
gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe hã, ale be ame aɖeke nagawɔ nu vɔ̃ o.
Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.
Desejos santos
Como a corça deseja as correntes de água, minha alma suspira por ti, ó Deus. Os desejos do Espírito produzem vida e paz.
Ale si zinɔ ƒe ve me ƒunae ɖe tɔʋuwo ŋu la,
O! Mawu, nenemae nye luʋɔ le diwòm.
Ɛ̃, Yehowa, míele zɔzɔm le wò se la nu hele lalawòm;
wò ŋkɔ kple wò gãnyenye nye míaƒe dziwo ƒe didi.
To esiawo me wòtsɔ eƒe nunana gã kple ŋugbedodo xɔasi na mí, ale be to wo dzi míakpɔ gome le eƒe mawunyenye me, eye míasi le gbegblẽ si ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo he va xexea me la nu.
Miedia nu, gake miekpɔnɛ o, miewua ame, xɔa eƒe nuwo, gake nu si dim miele la masu mia si o. Miewɔa dzre, eye miewɔa avu hã, gake nuawo mesua mia si o, elabena miebiaa Mawu o.
Ne wote ame aɖe kpɔ la, megagblɔ be, "Mawu le teyem kpɔ o," elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke kpɔ o.
Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe se la nye nu vɔ̃ mahã? Gbeɖe! Ne se la meli o la, nyemate ŋu anya nu si nu vɔ̃ nye la o. Elabena nyemanya nu si nye ŋubiabiã ne womegblɔe le se la me o be, "Mègabiã ŋu o."
Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã.
Elabena afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi hã anɔ.