Deus nunca falha
Deus nunca falha. Nenhuma de suas promessas vem ao chão. O que Ele prometeu, Ele cumprirá. A fidelidade de Deus é o fundamento inabalável da nossa fé.
Promessas cumpridas
Nenhuma boa palavra falhou de todas as promessas que Deus fez. Ele é fiel e verdadeiro em tudo o que diz.
"Esusɔ vie ko maku. Mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyuie le eƒe dzi me be Yehowa miaƒe Mawu na nu nyui siwo katã ŋugbe wòdo la mi, ɖeke meda le edzi o.
Ale nu nyui siwo katã ŋugbe Yehowa do na wo la va eme nenema tututu.
"Woakafu Yehowa, ame si wɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi eye wòna ŋutifafa eƒe dukɔ, Israel. Nya ɖeka pɛ gɔ̃ hã megbe emevava le ŋugbe siwo wòdo to Mose dzi la me o.
Mawu menye amegbetɔ,
aka aʋatso o.
Metrɔa eƒe tameɖoɖo.
Abe amegbetɔwo ene o.
Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ
gbe edziwɔwɔa?
Ke Yehowa ya ƒe ɖoɖowo nɔa anyi maʋamaʋãe ɖikaa,
eye eƒe dzimesusuwo li tso dzidzime yi dzidzime.
Fidelidade eterna
A Palavra do Senhor permanece para sempre. A tua palavra é muito pura e o teu servo a ama profundamente.
Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo,
mide mo to ne miakpɔ anyigba.
Dziƒowo nu ava yi abe dzudzɔ ene.
Anyigba anyunyɔ abe avɔ ene,
eye edzinɔlawo aku abe tagbatsutsu ene,
ke nye xɔname anɔ anyi ɖikaa,
eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi gbeɖe o.
Wodo wò ŋugbedodowo katã kpɔ nyuie,
eye wò dɔla lɔ̃ wo ŋutɔ.
Wò fiaɖuƒe la nye fiaɖuƒe mavɔ,
eye wò fiaɖuɖu anɔ anyi le dzidzimewo katã me.
Yehowa awɔ nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo katã me,
eye wòaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo katã wòwɔ.
Yehowa léa ame siwo katã dze anyi la ɖe asi,
eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe dzi.
Ke Yehowae nye dzɔdzɔetɔ le wo dome,
eye mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o.
Ŋdi sia ŋdi la,
eɖea eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go,
eye ŋkeke aɖeke medanɛ ƒu o.
Gake nu vɔ̃ wɔlawo menya ŋukpe o.
Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la
elabena eƒo nu tso nuwuwu si
le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o;
ke ne ehe ɖe megbe hã la,
lalae elabena ava eme godoo,
mada le edzi o.
Segurança em Deus
Todas as promessas de Deus são sim e amém em Cristo. Fiel é Aquele que prometeu — Ele jamais nos decepcionará.
Aƒetɔ Yesu Kristo kpɔna hã be Mawu ƒe ŋugbedodo ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ. Ne ŋugbedodoawo wu akpe nanewo hã la, wovaa eme, eye miegblɔa "Amen" to Kristo dzi hena Mawu ƒe kafukafu. Medi be wòanɔ susu me na mi be Mawue wɔ mí kple miawo hã bena míezu kristotɔ vavãwo eye wòtia mí abe eƒe apostolowo ene be míaɖe gbeƒã nyanyui la. Eya ame si de dzesi mí abe viawo ene eye wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de míaƒe dziwo me abe kpeɖodzi be míenye etɔwo vavã la ene.
Mina míalé mɔkpɔkpɔ si me míeʋu la me ɖe asi maʋamaʋãe, elabena ame si do ŋugbea la nye nuteƒewɔla.
Eye ɖe dɔ si Kristo wɔ ta la, mi ame siwo se nyateƒe la ƒe nya la, eye miexɔ Kristo dzi se la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wòdo na mí kristotɔwo la de dzesi mi be mienye kristotɔwo. Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na mí la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia be Mawu ƒle mí xoxo, eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ mí ava eɖokui gbɔe hena eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu.
Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me la, elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la, axɔ agbefiakuku si ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ la.