Dificuldades
As dificuldades são parte da vida, mas Deus é refúgio certo em todo tempo de angústia. A Bíblia promete que nenhuma adversidade pode separar os filhos de Deus do seu amor.
Deus é refúgio
Deus é nosso refúgio e fortaleza, socorro bem presente nas angústias. Nada poderá nos separar do amor de Cristo.
Mawue nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ,
xɔnametɔ si li ɖaa kpli mí le xaxawo me.
Eya ta ne anyigba gli le zi dzi hã la, míavɔ̃ o,
ne towo ho ɖadze atsiaƒu me,
eye atsiaƒutsi ɖe gbe lɔ futukpɔ ɖe nu,
ale be towo dzo kpekpekpe
le eƒe howɔwɔ ta hã la, míavɔ̃ o. Sela
Magblɔ na Yehowa be, "Eyae nye nye sitsoƒe kple nye mɔ sesẽ,
nye Mawu si ŋu meku ɖo."
O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi;
mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi,
elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. Sela
Yehowa nye sitsoƒe na ame siwo wote ɖe anyi
kple mɔ sesẽ le xaxaɣiwo.
Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo dzi ɖe ŋuwò,
elabena wò Yehowa,
megble ame siwo dia wò la ɖi kpɔ o.
Wòe ɖu atsiaƒu ƒe agbodzedze dzi,
ne ƒutsotsoewo le dzi dem la, ènana wodzea akɔ anyi.
Ke ètri akɔ wu tɔsisi gãwo ƒe gbeɖeɖe,
ètri akɔ wu atsiaƒu ƒe agbodzedze, ɛ̃,
Yehowa le dziƒo tri akɔ.
Etsi ahom la nu wòzi ɖoɖoe abe dalĩ dom wole ene,
eye ƒutsotsoeawo hã ɖo to kpoo.
Nu kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ loo, dzɔgbevɔ̃e loo, alo yia? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,
"Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me;
wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene."
Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me. Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o.
Provisão nas dificuldades
O Senhor provê mesmo nos tempos mais difíceis. Ele sustentou Elias, protegeu Israel e cuida dos seus com fidelidade eterna.
Elabena wɔ mevɔ le wɔze la me eye ami hã mevɔ le amigoe la me o le nya si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la nu.
Ekeke lilikpo ɖe wo dzi abe avɔ ene,
eye wòna dzo wo be wòanye akaɖi na wo le zã me.
Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu,
eye wòtsɔ dziƒobolo ɖi ƒo na woe.
Eʋu agakpe la, tsi do na wo bababa,
eye wòsi to gbegbe la abe tɔsisi ene.
Tsã la, menye ɖevi, ke azɔ la metsi,
gake womegble ame dzɔdzɔe aɖeke ɖi mekpɔ kpɔ loo,
alo wo viwo nabia abolo hafi aɖu o.
Ame siwo ŋuti fɔɖiɖi mele o la
ƒe ŋkekewo le nyanya na Yehowa,
eye woƒe domenyinu anɔ anyi tegbetegbe.
Le ŋkeke vɔ̃wo dzi la, womalũ xɛ o;
le dɔŋɔli la, nuɖuɖu ado agbogbo na woawo ya.
elabena makɔ tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi
kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi.
Makɔ nye gbɔgbɔ ɖe viwòwo dzi
kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi.
elabena Yehowa,
wòe nye sitsoƒe na ame dahewo,
xɔnametɔ na hiãtɔwo le xaxa me,
bebeƒe le ahom me kple vɔvɔli
le ŋdɔkutsu helĩhelĩ nu.
Ŋutasẽlawo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo
abe yatsi si le ƒoƒom ɖe gli ŋu la ene,
Woanye vɔvɔli na anyigba le ŋkeke me kple bebeƒe le tsidzadza kple ahomwo me.
Ne èto tɔ me, mato eme kpli wò,
ne èto tɔsisiwo me, mato wo me kpli wò
be tɔsisi la malé wò o.
Ne èto dzo me mame wò o,
eye dzo ƒe aɖewo hã mafia wò o,
Força nas provas
Em tudo somos atribulados, mas não esmagados. O Senhor é bom e é fortaleza no dia da angústia — Ele conhce os seus.
Womimi mí ɖo le go sia go me gake womegbã mí o, míetɔtɔ gake dzi meɖe le míaƒo o, woti mía yome, gake Mawu megble mí ɖi o, woƒo mí ƒu anyi, gake wometsrɔ̃ mí o.
Yehowa nyo, elabena enye sitsoƒe le xaxa me!
Eléa be na ame si xɔa edzi sena.
Eŋlɔ tsiwo ɖe lilikpowo me,
gake woƒe kpekpe mena lilikpoawo gbã o.
Etsɔ nu tsyɔ ɣleti si sɔ tegblẽe la ƒe ŋkume
eye wòkeke eƒe lilikpowo ɖe edzi.
Eɖe liƒo na dzite ɖe tsiwo dzi
eye wòde mama kekeli kple viviti dome.
Aɖe wò le aɖeɖiƒoame me,
eye màvɔ̃ ne gbegblẽ va o.
Yesu gblɔ na wo be, "O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?" Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.
Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, "Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe mahã?"
Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu na mi sãa wu gbe siawo oa? O mi xɔse ʋɛ tɔwo? Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu ka míata?’ o.
Emegbe la, nyɔnu la si yi gbedzi le teƒe si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ, afi si woakpɔ eta le hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260).
Mena ŋusẽ mi be miaɖu Futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi, eye be miazɔ le dawo kple ahɔ̃wo me anye avuzi le wo dzi. Ke nu vevi aɖeke mawɔ mi o.