Publicidade

Sinais do fim dos tempos

Por Bíblia Online

A Bíblia descreve sinais que precederão a volta de Jesus. Guerras, falsos mestres, sinais cósmicos e a pregação do evangelho a todas as nações — tudo aponta para o fim dos tempos.

Sinais proféticos

Este evangelho do Reino será pregado em todo o mundo e então virá o fim. Os sinais dos últimos tempos já se manifestam.

Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexea me katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwu la ava."

Amegbetɔ Vi la ƒe vava

"Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la,

" Ɣe ado viviti,

eye ɣleti magaɖi o,

ɣletiviwo age tso dziƒo,

eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.

"Le ɣe ma ɣi me la, Amegbetɔ Vi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigbadzidukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ lilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe aɖe me, eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi.

"Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.

"Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le me o la, enɔa ŋudzɔ na fiafitɔ la ƒe vava. Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ kpɔm nam o.

Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu."

Ame aɖeke menya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o

"Ke la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo menya o, Nye, Vi la ̃ nyemenya o, negbe Fofo la ko.

Os últimos dias

Nos últimos dias virão tempos difíceis, homens amantes de si mesmos. Mas derramarei o meu Espírito sobre toda a carne.

Mawumavɔmavɔ̃ le ŋkeke mamlɛawo me

ŋku nenɔ esia dzi be ɣeyiɣi ̃wo ava le ŋkeke mamlɛawo me. Amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, amedzulawo, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o, akpemadalawo, ame makɔmakɔwo, amemalɔ̃lawo, ame siwo metsɔa nu ̃ kena o, ameŋugblẽlawo, ɖokuidzimaɖulawo, ŋutasẽlawo, ame siwo léa fu nu nyui, amegɔmezɔlawo, dzimagbɔɖitɔwo, ɖokuiŋudzelawo, ame siwo ̃a xexemedzidzɔ wu Mawu, ame siwo si gotagome ƒe mawuvɔvɔ̃ le, evɔ wogbe nu le ŋusẽ si ana be woanɔ agbe le Mawu me la gbɔ. Te ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo gbɔ.

" Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be

makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi.

Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi.

Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo,

eye ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo.

Ɛ̃, matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi,

ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa,

matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖi le ŋkeke mawo me,

ale be woagblɔ nya ɖi.

Mana nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔli me,

eye dzesiwo adze le anyigba dzi siaa

eye wòadze abe ʋu, dzo bibi kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ ene.

Ɣe ado viviti,

eye ɣleti atrɔ zu

ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke si nye atsyɔ̃ŋkeke la naɖo.

Ke ame sia ame si yɔa

Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.’ "

Yehowa ƒe ŋkeke

"Le nu siawo megbe la,

matrɔ nye Gbɔgbɔ akɔ ɖe amewo katã dzi!

Mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo agblɔ nya ɖi,

miaƒe ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo

eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.

Matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi,

ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dzi le ŋkeke mawo me

Nuwuwuŋkekeawo

"Le ɣe ma ɣi me la, Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã si dzɔa amewo ŋu la atso. Xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ o, tso dukɔwo ƒe gɔmedzedze va se ɖe ɣe ma ɣi la anɔ anyi. Ke le ɣe ma ɣi me, wo ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la akpɔ xɔxɔ. Ame gbogbo siwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe tume la anyɔ, ɖewo na agbe mavɔ, eye bubuawo na ŋukpe kple vlododo mavɔ. Nunyalawo aklẽ abe dziƒoŋunuwo ene eye ame siwo fiaa dzɔdzɔenyenye ƒe ame geɖewo la aklẽ abe ɣletiviwo ene tegbetegbe.

Esperança e prontidão

O dia do Senhor virá como ladrão. Mas nós não somos das trevas — estejamos sóbrios, vigiliando e esperando.

Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi be ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la mado ŋgɔ na ame siwo ku la o. Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe aɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi, eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã. Le esia megbe la, woakɔ ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe, eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo.

eya ta minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava, eye mianɔ mo xexi. mee amewo dɔa alɔ̃, eye ɣe ma ɣi me kee amewo mua aha. Ke mina ame siwo nye kekeliviwo la, míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu ado, eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele kpɔm na la abe gakuku ene.

Mawu meɖo be yeahe eƒe dɔmedzoe ƒe to na mi o, ke boŋ be yeaɖe to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.

Nuxɔxlɔ̃ nusrɔ̃lawo hena ŋudzɔnɔnɔ

"Mikpɔ nyuie be nutsuɖuɖu, ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbemenyawo ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkekea naɖi ɖe mi abe ale si ɖea ame ene o. Elabena adze ame siwo katã le anyigba dzi la dzi kpoyi. Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o."

Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene. Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me.

Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.

Esi woatsrɔ̃ nu sia nu alea la, ame ka ƒomeviwo wòle be mianye? Ele be mianɔ agbe le kɔkɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me, esi miele kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo, eye emenuwo alolõ le dzoxɔxɔ la me. Ke le eƒe ŋugbedodo la nu, míele kpɔm na dziƒo yeye kple anyigba yeye, afi si anye dzɔdzɔenyenyeteƒe la.

Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo katã. Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔlĩ me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o eye ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo enumake.

Dziƒo yeye kple anyigba yeye

"Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye.

Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi

alo woava ame ƒe susu me o,

gake mikpɔ dzidzɔ,

eye mitso aseye tegbee ɖe nu si mawɔ la ŋu,

elabena mawɔ Yerusalem be wòanye dzudzɔdonu,

eye eƒe amewo anye dzidzɔkpɔlawo.

Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu,

eye nye amewo ƒe nu ado dzidzɔ nam.

Womagase avifafa

kple konyifaɣli le eme azɔ o.

Aƒetɔ la ƒe ŋkeke

Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, "Kpɔ ɖa! Minɔ ŋudzɔ, ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la gbɔna, ele bibim abe kpodzo ene. Dadalawo kple ame ̃ɖiwo abi abe be ene eye abe ati ene la, woabi kple woƒe alɔwo kple kewo siaa. Ke mi ame siwo ̃a nye ŋkɔ la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe adze na mi eye dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ anɔ eƒe aʋalawo me. Miazɔ le ablɔɖe me, eye miati kpo akpɔ dzidzɔ abe nyitsui siwo do go tso nyikpo me le ƒoɖiɖi me ene.

Yerusalem yeye la

Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi, eye atsiaƒu aɖeke megali o. Mekpɔ Du Kɔkɔe la si nye Yerusalem yeye la le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene. Tete mese gbe aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, "Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu. Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi."

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-