Gentileza
A gentileza é fruto do Espírito e marca do cristão maduro. Palavras suaves, gestos de bondade e amor ao próximo — a Bíblia nos chama a tratar todos com graça e compaixão.
Seja gentil
A vossa gentileza seja conhecida de todos. A palavra branda desvia a ira, e a boa conduta atrai os que estão distantes.
Mina ame sia ame nade dzesi miaƒe tufafa. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo.
Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu,
ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.
Nya nyuiwo nye anyitsito,
enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ vɛ na ƒuwo.
Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me. Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nuƒoƒo me, elabena to esia me ko miate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔ na ame sia ame.
Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo.
Gentileza como fruto
O fruto do Espírito inclui bondade e amabilidade. Amem uns aos outros com afeição fraternal e tratem bem a todos.
Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o.
Eya ta esi mɔnukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nyui na amewo katã, vevietɔ na nɔvi xɔsetɔwo.
Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me.
Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba, eye nànɔ agbe, ale be mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne ekpɔ wò nèle nu si eya bu be menyo o la wɔm o.
" ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene.
" ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa.
"Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo. Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si axɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si axɔm la, xɔ ame si dɔm."