Jesus te ama
Jesus te ama — esta é a mensagem mais poderosa do universo. O amor de Cristo excede todo entendimento e nos alcança onde quer que estejamos, como somos.
O amor de Jesus
Ninguém tem maior amor do que aquele que dá a vida pelos amigos. Jesus demonstrou o amor supremo na cruz do Calvário.
Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔvia lae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe exɔlɔ̃wo ta.
Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mie ene.
"Melɔ̃ mi abe ale si Fofo la lɔ̃m ene, eya ta minɔ nye lɔlɔ̃ la me.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Ame si lɔ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye hã alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.
"Se yeye mena mi: Milɔ̃ mia nɔewo. Abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema.
Amados por Ele
Deus prova seu amor em que Cristo morreu por nós quando ainda éramos pecadores. O amor de Jesus é incondicional e eterno.
Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be: Esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.
eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene.
Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi, be Kristo nanɔ miaƒe dziwo me to xɔse me. Eye medoa gbe ɖa be miali ke ɖe eƒe lɔlɔ̃ la me, be wòana ŋusẽ mi abe ame kɔkɔewo katã ene, eye miate ŋu ase Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe kekeme, eƒe didime, eƒe kɔkɔme kple eƒe goglome gɔme, be mianya be Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia ƒo gɔmesesewo katã ta, be Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu.
Míelɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu tre mía lɔlɔ̃.
O, míaƒe Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo loo, elabena efia ale si wòle be maxɔ edzi ase lam, be Kristo Yesu ƒe lɔlɔ̃ nayɔ menye fũu.