Jesus Cristo
Jesus Cristo é o centro de toda a Escritura — Deus encarnado, Salvador do mundo, Senhor dos senhores. Nele habita corporalmente toda a plenitude da divindade.
A divindade de Cristo
No princípio era o Verbo, e o Verbo estava com Deus, e o Verbo era Deus. Jesus é Deus revelado em carne humana.
Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu.
Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu. Eli kple Mawu le gɔmedzedzea me.
To eya me wowɔ nuwo katã, eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ la o.
Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.
Elabena Mawu ƒe blibonyenye la katã nɔ Kristo me le ŋutilã ƒe dzedzeme nu,
Elabena Mawu ƒe blibonyenye la katã nɔ Kristo me le ŋutilã ƒe dzedzeme nu, eye blibonyenye sia yɔ mi fũu le Kristo si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã me.
Mina susu ma ke si nɔ Kristo Yesu hã me la nanɔ miawo hã mia me.
Ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ hã la,
mebui be yesɔ kple Mawu o,
ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do,
eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me.
Mina susu ma ke si nɔ Kristo Yesu hã me la nanɔ miawo hã mia me.
Jesus, o Filho de Deus
Tu és o Cristo, o Filho do Deus vivo! Jesus revelou o Pai e demonstrou sua autoridade divina por palavras e obras.
Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, "Ke miawo ya ɖe, ame ka miebu be menye?"
Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, "Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi."
Yesu gblɔ nɛ be, "Mawu neyra wò, Simɔn Yona ƒe vi, elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o.
"Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel" (si gɔmee nye, "Mawu li kpli mí ").
Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, "Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã."
Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo.
Nunɔlagã la gabiae be, "Wòe nye Kristo, si nye Yayratɔ la ƒe Via?"
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ anyi ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye wòanɔ lilikpowo dzi atso dziƒo ava."
Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, "Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ, si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, etsi tsitre. Mikpɔ afi si wokɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa.
Gbe ɖeka la, Yesu ŋutɔ hã va ge ɖe ame siwo Yohanes nɔ mawutsi dem ta na la dome. Yohanes de mawutsi ta nɛ, eye esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖiɖi ɖe edzi le akpakpa ƒe nɔnɔme me, eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, "Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le."
Eu Sou
Jesus disse: antes que Abraão existisse, Eu Sou. Ele se identificou com o nome divino revelado a Moisés na sarça ardente.
Yesu ɖo eŋu na wo be, "Nyateƒe gblɔm mele na mi be meli hafi wodzi Abraham."
Ke Mose biae be, "Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be, ‘Mia fofowo ƒe Mawue ɖom ɖa’ la, woabia be, ‘Mawu sia ŋkɔ ɖe?’ Ekema nya ka magblɔ na wo?"
Mawu ɖo eŋu na Mose be, "Menye ame si Menye. Gblɔ na Israelviwo ko be, ‘Menyee dɔm ɖa.’ "
Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye."
Yesu gblɔ na wo be, "Fofonye le eƒe dɔwɔwɔ dzi va se ɖe fifia, eya ta nye hã mele dɔ wɔm."
Esia ta Yudatɔwo gadze agbagba vevie be yewoawui, elabena kpe ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la ƒe sea dzi dada ŋu la, ele Mawu yɔm be ye Fofo hetsɔ eɖokui sɔ kple Mawu.
Esia ta Yudatɔwo gadze agbagba vevie be yewoawui, elabena kpe ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la ƒe sea dzi dada ŋu la, ele Mawu yɔm be ye Fofo hetsɔ eɖokui sɔ kple Mawu.
Abe ale si Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònaa agbe wo ene la, nenema ke Vi la hã ana agbe ame siwo wòdi be yeana la. Gawu la, Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via, be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si mede bubu Vi la ŋu o la, efia be mede bubu Fofo la, ame si dɔe la hã ŋu o.
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe.
O Salvador e Senhor
Jesus é o caminho, a verdade e a vida. Não há outro nome dado entre os homens pelo qual devamos ser salvos.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame si kpɔm la, Fofo lae nye ema wòkpɔ. Ke nu ka ta miegale didim be, ‘Mafia Fofo la mi ɖo?’ Ɖe miexɔe se be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ Fofonye si le menye la ƒe nyawoe. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye.
Yesu gblɔ nɛ be, "Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe;
Yesu gblɔ be, "Nyemegblɔ na wò be, ne èxɔ dzinye se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?"
Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o."
Esi wonɔ mɔa dzi yina sẽe ko la, wova ke ɖe tɔsisi sue aɖe ŋu. Etiopia ŋutsua bia Filipo be, "Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu ka ta nyemade mawutsi ta zi ɖeka o?"
[ Filipo ɖo eŋu nɛ be, "Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema naneke mexe mɔ o."
Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu be, "Mexɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi la.]" Enumake etɔ tasiaɖam la, eye wòɖi ge ɖe tsi la me, eye Filipo de mawutsi ta nɛ.
A supremacia de Cristo
Ele é o resplendor da glória de Deus e a expressão exata do seu ser. Toda a plenitude habita nele e por Ele tudo subsiste.
Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãa ene.
Eya ta esi nunɔlagã, Mawu Vi Yesu le mía si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe. Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.
Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.
Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta.
Ke le nyateƒe me la, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo,
eye wòde ta míaƒe vevesesewo te,
gake míebui abe ame si Mawu ƒo,
eye wòtsɔ fukpekpewo da ɖe edzi la ene.
Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta.
Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.
Tohehe si he ŋutifafa vɛ na mí la le eya amea dzi,
eye eƒe abi siwo wòxɔ la yɔ dɔ mí.
elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí.
Dziɖuɖu le eƒe abɔta,
eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be,
"Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ,
Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia."
Confessar a Cristo
Todo aquele que confessa que Jesus é o Filho de Deus, Deus permanece nele e ele em Deus. A fé em Cristo é a vitória.
Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me, eye eya hã le Mawu me.
Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me, eye eya hã le Mawu me.
Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye: eɖo via ɖeka hɔ̃ɔ ɖe xexea me be míanɔ agbe to eya amea me. Esiae nye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene.
Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye: eɖo via ɖeka hɔ̃ɔ ɖe xexea me be míanɔ agbe to eya amea me.
Ame si wɔa nu vɔ̃ la, enye Abosam ƒe ame, elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va ɖo lae nye be wòagblẽ Abosam ƒe nuwɔwɔwo.
Ame kae nye ame si ɖu xexea me dzi? Ame si xɔe se be Yesue nye Mawu Vi la koe.
Ke ɖaseɖiɖi lae nye esi be Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe mavɔ sia le Via me. Ame si si Vi la le la agbe le esi, eye ame si si Mawu Vi la mele o la, agbe mele esi o.
Elabena ne ètsɔ wò nu ʋu eme be Yesue nye Aƒetɔ, eye nèxɔe se tso wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe.
Viver em Cristo
Já não sou eu quem vive, mas Cristo vive em mim. Ele supre toda necessidade, dá paz e reina como Senhor.
Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si lɔ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye.
Eye nye Mawu ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔekesinɔnuwo me, le Kristo Yesu me.
Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi.
Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la.
eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene.
Abe ale si ŋutinu geɖewo le miaƒe ŋutilãwo ŋu, eye ŋutinu siawo katã mewɔa dɔ ɖeka o ene la, nenema ke wole Kristo hã ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo tɔ, ame sia ame hiã nɔvia.
Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi!
Ke le miaƒe dziwo me la, mina nɔƒe tɔxɛ Kristo abe Aƒetɔ kɔkɔe ene. Minɔ klalo ɣe sia ɣi be miaɖo nya ŋu na ame sia ame si abia mi be miagblɔ nu si ta mɔkpɔkpɔ sia le mia si ɖo.
Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene la koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo.
O Rei eterno
O Rei dos reis voltará em glória e majestade. Todo joelho se dobrará e toda língua confessará que Jesus Cristo é o Senhor.
Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi, eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me. Eƒe ŋkuwo le abe dzoka xɔxɔwo ene, eye fiakuku geɖewo nɔ eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti, esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko. Edo awu ʋlaya si wonyrɔ ɖe ʋu me la, eye eƒe ŋkɔe nye Mawu ƒe Nya. Dziƒoʋakɔwo nɔ eyome. Wonɔ sɔ ɣiwo dom, eye wodo awu siwo wotɔ kple aklala biɖibiɖi, wofu tititi la, eye wo ŋuti kɔ. Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ. Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be,
Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.
Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve nenɔ anyi kple Mawu ƒe amewo. Amen.
Emegbe la, egblɔ na Toma be, "Tsɔ wò asibidɛ ƒo ɖe afi sia; kpɔ nye asiwo ɖa. Tsɔ wò asi de nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, eye nàxɔe se."
Toma gblɔ be, "Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!"
Yesu wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume, esiwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o. Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me.
Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mie ene.
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si axɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si axɔm la, xɔ ame si dɔm."
Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o, elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o. Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye."
Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be wòaɖe xexea me to edzi. Ame siwo xɔ edzi se la, womadrɔ̃ ʋɔnu wo o, ke ame siwo mexɔ edzi se o la, wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo, elabena womexɔ Mawu ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la dzi se o.
Ne ame aɖe gbe metsɔ eƒe atitsoga dze yonyeme o la, eya hã medze anye tɔnye o.
Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome."
Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ na wo be, "Esia sesẽ na amegbetɔwo, gake ele bɔbɔe na Mawu ya, elabena naneke mesesẽ na Mawu o."
Yesu ɖo eŋu be, "Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!"
Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la.