Legalidades
A Bíblia reconhece a necessidade de leis e governo civil. Os cristãos são chamados a obedecer às autoridades estabelecidas por Deus, enquanto mantêm a lealdade suprema a Cristo.
Submissão às autoridades
Toda autoridade é instituída por Deus. O cristão é chamado a respeitar as leis, pagar tributos e honrar quem governa.
Toɖoɖo dziɖuɖu
Miɖo to dziɖuɖu la, elabena Mawue nye ame si ɖo dziɖuɖu la anyi. Dziɖuɖu aɖeke mele afi aɖeke si Mawu ŋutɔ metsɔ ŋusẽ na o. Eya ta ame sia ame si gbe dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ la gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ, eye tohehe adze nu sia yome. Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm la o, ke ame siwo le nu vɔ̃ wɔm la, woavɔ̃ kpovitɔ ɣe sia ɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, wɔ seawo dzi kpoo, ekema eme anyo na wò. Mawu ƒe subɔlae nye kpovitɔ la ɖa ɖe wò nyonyo ta. Ke ne èle nu vɔ̃ aɖe wɔm la, eme kɔ ƒãa be ànɔ vɔvɔ̃m, elabena kpovitɔ la ana woahe to na wò nu gbegblẽ wɔla la. Eya ta miwɔ seawo dzi le nu eve siawo ta: gbã, be miagaxɔ tohehe o; evelia, elabena mienya xoxo tso miaƒe dzi me be ele be yewoawɔ seawo dzi.
Midzɔ miaƒe dugawo hã le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na dziɖuɖudɔwɔlawo, ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe dɔ la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu. Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo, eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu la.
Amehavilɔlɔ̃
Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la.
Minɔ agbe dzadzɛ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, ale be togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ vɔ̃ hã la, woakpɔ miaƒe dɔ nyuiwo, eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asrã mí akpɔ.
Toɖoɖo dziɖulawo kple aƒetɔwo
Le Aƒetɔ la ta la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na dziɖuɖu si woɖo anyi ɖe amegbetɔwo dome, eɖanye fia la, abe ŋusẽtɔ kɔkɔtɔ kekeake ene, alo mɔmefia siwo woɖo ɖa be woahe to na nu gbegblẽ wɔlawo, eye woakafu nu nyui wɔlawo o.
Azɔ gblɔe na mí, nu kae nye wò susu? Ele eteƒe be woadzɔ duga na Kaisaro loo alo mele eteƒe o?"
Ke Yesu nya nu vɔ̃ɖi si woɖo ɖe ta me, eya ta ebia wo be, "Mi alakpanuwɔlawo! Ame ka miedi be yewoatre mɔ na kple miaƒe ayebiabia sia? Mitsɔ kɔba aɖe si wotsɔna xea dugae la vɛ nam makpɔ." Eye wotsɔ Roma ga ɖeka va fiae. Azɔ ebia wo be, "Ame ka ƒe nɔnɔmetatae le ga sia dzi, eye ame ka ƒe ŋkɔe le ete?"
Woɖo eŋu nɛ be, "Kaisaro tɔe."
Yesu gblɔ na wo be, "Enyo, mitsɔ nu sia nu si nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye miatsɔ nu sia nu si nye Mawu hã tɔ la na Mawu."
Obrigações legais
Jesus cumpriu obrigações legais, pagou impostos e orientou seus seguidores a obedecer à lei sem comprometer a fé.
Mawuxɔmenudzɔdzɔ
Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum la, gbedoxɔmenudzɔlawo va Petro gbɔ, eye wobiae be, "Miaƒe Aƒetɔ menaa gbedoxɔmega oa?"
Eɖo eŋu na wo be, "Ɛ̃, enanɛ."
Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, "Simɔn, aleke nèsusu? Ame kawo si anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo alo le ame bubuwo si?"
Petro ɖo eŋu nɛ be, "Le ame bubuwo si."
Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, "Ekema mehiã be dukɔmeviwo naxe adzɔga o."
Gake be míagadze agɔ le wo dzi o ta la, yi ɖe ƒuta, eye nàda ƒu. Lã gbãtɔ si nàɖe la, ke eƒe nu me; àkpɔ ga home aɖe si ade nye kple wò ƒe gadzɔdzɔ la nu. Tsɔe ɖaxe nye kple wò ƒe mawuxɔmenudzɔdzɔ lae.
"Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui la kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã, eye woade wò mɔ. Le nyateƒe me la, womaɖe asi le ŋuwò o, va se ɖe esime nàxe fe ɖe sia ɖe si nènyi la, eye pesewa afã hã masusɔ o."
Ɛ̃, le tanye la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi le fiawo kple mɔmefiawo ƒe ŋkume. Ke esia anye mɔnukpɔkpɔ na mi be miagblɔ nyanyui la na wo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã.
"Nenye be wolé mi, kplɔ mi yi ʋɔnu la, migatsi dzi le nu si miagblɔ ŋuti o, elabena woade nya si tututu wòle be miagblɔ la susu me na mi le ɣeyiɣi ma me.
Yesu dzidzi
Le ɣeyiɣi siawo me la, Kaisaro Augusto, ame si nye fia le Roma dukɔa nu la de se be woaxlẽ ame siwo katã le fiaɖuƒe la me. (Esiae nye amexexlẽ gbãtɔ si va eme esi Kirenio nye mɔmefia le Siria le ɣe ma ɣi.) Wodi tso ame sia ame si be wòayi eya ŋutɔ ƒe dedu me be woaŋlɔ eŋkɔ le afi ma.
Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me. Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo nɛ ɖe asi hena ŋkɔŋɔŋlɔ; ke fu nɔ eƒo le ɣe ma ɣi me.
Perspectiva divina
As nações são como uma gota no balde diante de Deus. Ele abre portas que nenhuma lei pode fechar.
Vavãe dukɔwo le abe tsi si ge toŋtoŋ tso tɔkpo me ene,
wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu dzi ene,
eye wòda ƒukpowo le nudanu dzi
abe ʋuʋudedi ko wonye ene.
Dukɔwo katã menye naneke le eƒe ŋkume o.
Ebua wo abe nu maɖinuwo ko ene, eye wonye tofloko.
elabena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li nam be magblɔ mawunya eye mafia nu le afi sia. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo li, ke futɔwo hã sɔ gbɔ.
Pilato gblɔ be, "Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Ènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo mana woaklã wò ɖe ati ŋua?"
Yesu gblɔ nɛ be, "Màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o, eya ta ame si kplɔm vɛ na wò la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ wu tɔwò."
Este artigo te tocou? Faça uma oração!
+581 estão orando agora.
Junte-se à corrente de oração.