Pular para o conteúdo
Publicidade

Marido e mulher

Por Bíblia Online

O casamento é aliança sagrada entre marido e mulher, instituída por Deus desde o Éden. A Bíblia define papéis complementares fundados em amor, respeito e fidelidade mútua.

Instituição divina

Deus criou homem e mulher e os uniu em uma só carne. O casamento é projeto divino que reflete o amor de Cristo pela Igreja.

Ale Mawu ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me.

Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo;

ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.

Mawu Eva

Yehowa Mawu gblɔ be, "Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la ."

Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.

Eɖo eŋu na wo be, "Ɖe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wo ŋutsu kple nyɔnu o mahã? Eya ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o."

Yehowae bla mi kple mia srɔ̃wo ɖekae, le Mawu ƒe nunya ƒe ɖoɖo nu, esi mieɖe mia nɔewo la, mi ame eve la miezu ŋutilã ɖeka le eƒe ŋkume eye nu ka wòdi tso mia si be miawɔ? Mawu di vi ɖotowo tso miaƒe srɔ̃ɖeɖe la me eya ta milé be na mia ɖokui, miaɖu miaƒe fieŋufieŋuwo dzi! Miku ɖe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo mieɖe la ŋu eye miato nyateƒe na wo.

Papéis no casamento

O marido ama e a mulher respeita. Ambos se submetem voluntariamente a Deus e um ao outro, em parceria e unidade.

Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta, be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me, ale be yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe ŋutikɔkɔe hame si dza, eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o la ene, ke boŋ be wòanɔ kɔkɔe, eye fɔɖiɖi aɖeke maganɔ eŋuti o. Nenema ke wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ame si ̃a srɔ̃a la, ̃a eɖokui. Elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be abe ale si Kristo wɔna na hame la ene,

Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene. Elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, eye wòtsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe hame la ta abe ale si Kristo nye ta na hame si nye eƒe ŋutilã la ene be yeanye eƒe Ɖela. Azɔ abe ale si hame la bɔbɔ eɖokui na Kristo ene la, nenema ke nyɔnuwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo le nu sia nu me.

Ke la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu nade bubu srɔ̃a ŋuti.

Ɖoɖo hena kristotɔwo ƒe aƒemegbenɔnɔ

Mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo, elabena esia nye Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo na mi. Eye mi srɔ̃ŋutsuwo la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye mialé be na wo, eye migado dziku ɖe wo ŋuti alo ablu ɖe wo ta o.

Srɔ̃nyɔnuwo kple srɔ̃ŋutsuwo

Nenema ke mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo ale be ne wo dometɔ aɖewo mexɔ nya la dzi se o la, to wo srɔ̃nyɔnuwo ƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔ me la, woakpɔ ɖeɖe, nya aɖeke magblɔmagblɔ na woe, ne wokpɔ dzadzɛnyenye kple bubu si le woƒe agbe me.

Nenema ke, mi srɔ̃ŋutsuwo minɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me, mide bubu wo ŋu, elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, eye wonye domenyilawo kpli mi le amenuveve nunana si nye agbe si wona mi, ale be naneke maxe na miaƒe gbedodoɖawo o.

Fidelidade e união

O casamento é honroso e deve ser preservado com fidelidade. O cordão de três dobras não se rompe facilmente.

Ame eve ate ŋu awɔ wu ame ɖeka

ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve

elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu.

Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe,

ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la,

egena ɖe fukpekpe me.

Hekpe ɖe esia ŋu la,

ame eve siwo tsyɔ kundru ɖeka

le vuvɔŋɔli le me la

kpɔa dzoxɔxɔ tso wo nɔewo gbɔ,

ke aleke ame ɖeka ate ŋu

ade dzo lãme na eɖokui?

Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe

gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi.

Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka

elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ ̃e la menya lãna bɔbɔe o.

Ame ka akpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe agbe dze ame ŋu?

Exɔ asi wu adzagba.

Srɔ̃a kana ɖe edzi blibo

eye nu sia nu si ŋu asixɔxɔ le la mevena le egbɔ o.

Ame si si srɔ̃nyɔnu su la ke ɖe nu nyui ŋu

eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.

Aƒewo kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso dzilawo gbɔ,

ke srɔ̃nyɔnu nyanu ya,

Yehowa gbɔe wòtsona.

Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃ŋutsua,

ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒu tome na srɔ̃a.

Woayra vudo eye nàkpɔ dzidzɔ

ɖe ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu.

Eyae nye zinɔ lɔlɔ̃a kple sãde dzeani la,

eƒe nowo neɖi na ɣe sia ɣi,

eye eƒe lɔlɔ̃ nede dzo mewò ɖaa.

Permanecer juntos

O que Deus uniu, o homem não separe. A Bíblia protege o casamento e orienta sobre convivência, perdão e perseverança conjugal.

Nya tso srɔ̃ɖeɖe ŋu

Nya siwo miebiam le agbalẽ si mieŋlɔ ɖo ɖem me la ƒe ŋuɖoɖoe nye be ne ŋutsu aɖe meɖe srɔ̃ o la, megblẽ naneke o, gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe , ale be ame aɖeke nagawɔ nu ̃ o.

Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o, eye srɔ̃nyɔnu nawɔ nenema pɛpɛpɛ. Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye nenema ke srɔ̃nyɔnu kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o.

Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.

Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo (menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae) be srɔ̃nyɔnu mekpɔ agbe srɔ̃ŋutsua o. Ke ne egbee la, ele be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu mekpɔ agbe srɔ̃nyɔnu la o.

Ke ne srɔ̃si mexɔ se o la dzo la, neyi faa elabena se aɖeke mebla srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si se la le nya sia me o. Mawu be míanɔ anyi le ŋutifafa me. Nyɔnu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃? Alo ŋutsu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃?

Elabena srɔ̃nyɔnu la, zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o.

"Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, mègaɖoe ɖe aʋa loo alo nàde tɔxɛ aɖeke asi o. Na wòakpɔ vovo ƒe blibo ɖeka, anɔ aƒe me, eye wòakpɔ dzidzɔ kple srɔ̃a."

Seja o primeiro