Milagres de Jesus
Os Evangelhos registram dezenas de milagres realizados por Jesus — curas, ressurreições, domínio sobre a natureza e libertações. Cada milagre revelava sua divindade e compaixão.
Curas de cegos e surdos
Jesus devolveu a visão aos cegos e a audição aos surdos, manifestando seu poder sobre toda enfermidade e deficiência.
Yesu da gbe le ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ŋu
Esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom be, "O, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí."
Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo la. Tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo be, "Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?"
Woɖo eŋu nɛ be, "Ɛ̃, Aƒetɔ."
Ale Yesu ka asi woƒe ŋkuwo ŋu hegblɔ be, "Ava eme na mi abe ale si miexɔe se ene."
Enumake woƒe ŋkuwo ʋu, eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena, womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o. Ke ameawo mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o; esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wòwɔ na wo la, eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le nuto blibo la me.
Gbedada le ŋutsu ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ŋu
Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Yeriko dua me dzo yina la, ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo. Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose be Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la, wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ gbɔgblɔm be, "Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí!"
Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao; fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu be, "Aƒetɔ David vi la, kpɔ nublanui na mi."
Yesu tɔ, eye wòyɔ wo vɛ hebia wo be, "Nu ka miedi be mawɔ na mi?"
Woɖo eŋu nɛ be, "Aƒetɔ, míedi be míaƒe ŋkuwo naʋu míakpɔ nu."
Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta eka asi woƒe ŋkuawo ŋu. Ŋkuawo ʋu enumake, eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo hã kplɔ Yesu ɖo kple dzidzɔ gã aɖe.
Yesu yɔ dɔ ŋkuagbãtɔ aɖe le Betsaida
Azɔ esi wova ɖo Betsaida la, ame aɖewo kplɔ ŋkunɔ aɖe vɛ nɛ, eye woɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe. Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu, eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, "Ète ŋu le nu kpɔma?"
Ame la tsa ŋku godoo, eye wòɖo eŋu be, "Ɛ̃, mele amewo kpɔm, gake nyemele wo kpɔm nyuie o, wodze abe atiwoe le zɔzɔm ene!"
Yesu gaɖo asi ame la ƒe ŋkuwo dzi ake, ke fifia la, eƒe ŋkuawo ʋu nyuie, eye wònɔ nu kpɔm nyuie.
Yesu ɖoe ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ, eye wòde se nɛ be, "Mègato kɔƒea me hafi nàyi o."
Yesu da gbe le ame aɖe si nye tokunɔ kple aɖetututɔ la ŋu
Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidon to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu. Wokplɔ tokunɔ aɖe si menya nuƒoƒo nyuie o la vɛ nɛ, eye amewo ɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe.
Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge, eye wòƒo eƒe asibidɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi. Ewu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògbɔ fũu heɖe gbe be, "Hefata!" (si gɔmee nye "Ʋu!"). Enumake ame la ƒe towo ʋu, eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie.
Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o. Ke zi ale si wòde se sia na wo la, nenema kee wokakaa nya la. Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, "Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!"
Yesu yɔ dɔ Bartimeo, ŋkuagbãtɔ la
Azɔ wova ɖo Yeriko. Emegbe la, esi woto dua me yina la, amewo nye zi bibibi kplɔ wo ɖo. Ŋkunɔ nubiala aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo (Timeo ƒe vi la), nɔ anyi ɖe mɔto. Esi Bartimeo se be Yesu Nazaretitɔ la va yina la, edo ɣli sesĩe be, "Yesu David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam!"
Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, "Ɖo to kaba!" Gake egado ɣli sesĩe wu tsã be, "Ao, David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam."
Esi Yesu se eŋkɔ la, etɔ ɖe mɔƒoa me hegblɔ be, "Migblɔ nɛ be neva."
Ale wogblɔ nɛ be, "Wò dzi nedze eme. Yesu le yɔwòm, tso va." Eɖe eƒe awu ƒu gbe, eye wòɖe abla dzidzɔtɔe va do ɖe Yesu gbɔ.
Yesu biae be, "Nu ka nèdi be mawɔ na ye?"
Ŋkuagbãtɔ la ɖo eŋu nɛ be, "Nufiala, medi be makpɔ nu."
Yesu gblɔ nɛ be, "Enyo, ava eme na wò. Wò xɔse da gbe le ŋuwò." Ŋkunɔ la ƒe ŋkuwo ʋu enumake, eye wòde asi nukpɔkpɔ me. Ale wòdze Yesu yome kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.
Yesu da gbe le nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe ŋu le Yeriko
Esi wote tu Yeriko la, wokpɔ nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe wònɔ mɔ to nɔ nu biam le mɔzɔlawo si. Esi wòse ameha ŋkɔ wòva yina la, ebia be wòagblɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la na ye. Wogblɔ nɛ be, "Yesu Nazaretitɔ lae va yina."
Ale wode asi ɣlidodo me be, "Yesu David Vi la, kpɔ nye nublanui!"
Ame siwo nɔ Yesu ŋgɔ la blu ɖe eta be wòazi ɖoɖoe, gake ɖeko wògado ɣlia sesĩe wu be, "David Vi, kpɔ nye nublanui."
Esi Yesu va ɖo afi si wònɔ la, etɔ, eye wògblɔ be, "Mikplɔ ŋkuagbãtɔ ma va afii."
Esi wòva la, Yesu biae be, "Nu ka dim nèle tso asinye?"
Ŋkuagbãtɔ la ɖe kuku nɛ gblɔ be, "Aƒetɔ medi be makpɔ nu!"
Yesu gblɔ nɛ be, "Enyo wò ŋkuwo neʋu nakpɔ nu. Wò xɔse da gbe le ŋuwò."
Ŋutsua de asi nukpɔkpɔ me enumake, eye wòdze Yesu yome henɔ Mawu kafum. Ame siwo katã kpɔ nu si dzɔ la hã kafu Mawu.
Yesu yɔ dɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe
Esi Yesu yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe. Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, "Nufiala, ame kae wɔ nu vɔ̃, ŋutsu sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃wo tae wodzii ŋkuagbãtɔea? Eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃e wɔe be wòle alea loo alo edzilawo ƒe nu vɔ̃woe?"
Yesu ɖo eŋu na wo be, "Menye ame sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃ ta ame sia ƒe ŋku gbã ɖo o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia. Esi ŋu ke la, ele be míawɔ ame si dɔm la ƒe dɔ. Ne zã do la, ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o. Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli la."
Esi wògblɔ nya sia la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wòtsɔ ta la blu ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi. Azɔ egblɔ nɛ be, "Yi nàle tsi le Siloam Ta la me" (Siloam gɔmee nye, "Wodɔe ɖa"). Ŋkuagbãtɔ la yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu, wòkpɔ nu.
Curas de paralíticos e enfermos
Paralíticos caminharam, leprosos ficaram limpos e todo tipo de doença foi curada pelo toque e pela palavra de Jesus.
Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽe va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòde ta agu nɛ hegblɔ be, "Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ."
Enumake Yesu ka asi ŋutsu la ŋu gblɔ nɛ be, "Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ." Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake. Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, "Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene."
Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, "Vinye, wò dzi nedze eme, elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò."
Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo nɔ afi ma se nya siwo do le Yesu nu la, eye wogblɔ na wo nɔewo be, "Nu ka! Ame sia gblɔ busunya."
Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me, eya ta ebia wo be, "Nu ka ta miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo? Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso nàzɔ azɔli?’ " Be miadze sii be ŋusẽ le nye Amegbetɔ Vi la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake amewo le anyigba dzi ŋuti la, Yesu trɔ ɖe lãmetututɔ la gbɔ gblɔ nɛ be, "Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba ne nàzɔ ayi aƒe me!" Ame la tsi tsitre enumake, eye wòfɔ eƒe nuwo heyi aƒe me.
eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake be, "Ele se la nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzia?" Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be "Ɛ̃," ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu.
Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, "Nenye be wò alẽ ge ɖe vudo me le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖe, màɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo! Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie wu alẽ tɔ oa? Eya ta ele se nu vavã be woawɔ dɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi."
Azɔ egblɔ na ame si tsitsi lé asi na la be, "Dzɔ wò asi," eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo abe evelia ene.
Ŋudza lé Simɔn lɔ̃xo, eye wònɔ dɔba dzi hafi wode, ale wogblɔe na Yesu. Yesu yi dɔnɔ la ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu, eye wònɔ alinu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme.
Yesu da gbe le anyidzela aɖe ŋu
Gbe ɖeka la, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme, eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be, "Ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ."
Anyidzela la ƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta wòka asi eŋu hegblɔ nɛ be, "Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ." Enumake anyidzela la ƒe lãme sẽ.
Sẽe la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe. Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme.
Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ dɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, "Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!"
Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ le woƒe dzi me be, "Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?"
Yesu nya nu si bum ameawo nɔ, eya ta egblɔ na wo enumake be, "Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò loo alo woagblɔ nɛ be, "Tso, kɔ wò aba ne nàzɔ azɔli?" ’ Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi." Egblɔ na lãmetututɔ la be, "Mele egblɔm na wò be tsi tre! Ŋlɔ wò aba nàyi aƒe me!"
Ŋutsu la tso enumake, kɔ eƒe aba, eye wòzɔ to ameawo dome dzo. Ameawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, "Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!"
Yesu da gbe le dɔnɔ aɖe ŋu le Sabat dzi
Yesu gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum, eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma.
Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã, ne wòwɔe la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu.
Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. Etrɔ ɖe wo gbɔ hebia wo be, "Enyo be woawɔ dɔmenyo le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzia? Alo enye ŋkeke si dzi woawɔ nu nyui loo alo vɔ̃?" Ameawo katã zi kpi, eye womeɖo biabia siawo ƒe ɖeke ŋu nɛ o. Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, "Dzɔ wò asi." Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo.
Yesu da gbe le anyidzela aɖe ŋu
Gbe ɖeka la, Yesu kpɔ kpodɔléla aɖe le kɔƒe aɖe si me wòɖi tsa de la me. Esi kpodɔléla la kpɔ Yesu ko la, edze klo tsyɔ̃ mo anyi heɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ be, "Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na be ŋutinye nakɔ."
Yesu ka asi ŋutsua hegblɔ be, "Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ!" Ŋutsua ŋuti kɔ enumake, eye dɔ la vɔ le eŋu.
Kasia, ame aɖewoe nye esiwo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va doe. Wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoato ameha la dome akɔe yi Yesu gbɔe, gake womete ŋui o le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta. Le esia ta wolia xɔa, eye woɖe do ɖe etame, heɖiɖi lãmetututɔ la kple eƒe aba ɖe Yesu kɔme tututu.
Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na dɔnɔa be, "Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò."
Farisitɔwo kple agbalẽfiala siwo nɔ ameawo dome la bia wo nɔewo be, "Ame ka ƒomevi tututu ame sia buna be yenye? Egblɔ busunya! Elabena ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake tsɔ wu Mawu?"
Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ, eya ta eɖo ŋu na wo be, "Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso, nàzɔ azɔli mahã’? Ke ne mianyae bena ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi." Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, "Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba nàyi aƒe me."
Ame sia ame ke ŋku ɖi be yeakpɔ nu, kasia, ŋutsua tsi tsitre ɖe eƒe afɔ eveawo dzi, ŋlɔ eƒe aba, eye wòɖo ta aƒe me henɔ Mawu kafum bobobo.
Ŋutsu aɖe si tsitsi lé asi na
Le Dzudzɔgbe bubu gbe esi wònɔ nu fiam le ƒuƒoƒe la, ekpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi hã. Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu.
Yesu nya nu si bum ame siawo nɔ xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, "Tso va nɔ tsitre ɖe afii be ame sia ame nakpɔ wò." Ŋutsu la tso ɖe tsitrenu abe ale si wògblɔ nɛ ene.
Azɔ Yesu trɔ ɖe Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, "Biabia aɖe le asinye na mi. Ɖe woɖe mɔ be woawɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi loo alo woawɔ vɔ̃a? Enyo be woaxɔ ame ɖe agbe loo alo woawuia?"
Etsa ŋku le wo katã dzi ɖekaɖeka, eye wògblɔ na ŋutsua be, "Dzɔ wò asi." Edzɔ asia kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo.
Yesu da gbe le Romasrafowo ƒe amegã aɖe ƒe subɔla ŋu
Esi Yesu wu eƒe mawunyagbɔgblɔ la nu la, etrɔ yi Kapernaum dua me.
Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu le o la dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu. Aʋafia la se Yesu ŋkɔ, eya ta edɔ Yudatɔ ŋkuta aɖewo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le dɔla sia ŋu na ye. Ameawo yi Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ vevie be wòava kpe ɖe aʋafia la ŋu. Wona wònya be aʋafia sia nye ame nyui aɖe ŋutɔ. Wogblɔ na Yesu be, "Ŋutsu sia ŋue wòle be nàkpe ɖo, elabena elɔ̃ míaƒe dukɔ la eye eya kee tu míaƒe ƒuƒoƒe na mí."
Yesu tso kpla kplɔ wo ɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, "Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nyemedze na bubu sia tɔgbi o. Eye nyemedze be mava kpe wò ŋutɔ gɔ̃ hã o. Gblɔ nya si wòle be nàgblɔ la ɖo ɖa tso afi si nèle ekema nye dɔla ƒe lãme asẽ. Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii’, eye woyina, ‘Miva afii’, eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ."
Esi Yesu se nya siawo la, nyawo wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Etrɔ ɖe ameha si dze eyome la ŋu gblɔ be, "Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o."
Esi aʋafia la xɔlɔ̃wo yi aƒe me la, wokpɔ dɔla si nɔ dɔ lém la wòhaya, eye eƒe lãme sẽ abe tsã ene.
ekpɔ nyɔnu aɖe si dɔléamegbɔgbɔ na wònɔ dɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa, ale be mate ŋu adzɔ ɖe tsitrenu o.
Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ nɛ be, "Nyɔnu, èvo tso wò dɔléle la si me!" Azɔ eka asi eŋu, eye enumake nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ, eye wòdzɔ ɖe tsitre kã hekafu Mawu.
Yesu da gbe le ŋutsu tete aɖe ŋu le Sabat dzi
Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒe me, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie. Afi ma ŋutsu aɖe si nɔ tetedɔ lém la dze ŋgɔe.
Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, "Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkekea dzia?"
Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu, eye wòda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo.
Dɔyɔyɔ kpodɔléla ewoawo
Esi wonɔ woƒe mɔzɔzɔ dzi ɖo ta Yerusalem la, wova ɖo Galilea kple Samaria ƒe liƒo dzi. Woge ɖe kɔƒe aɖe me, eye le afi ma la, wokpɔ kpodɔléla ewo wonɔ tsitre ɖe adzɔge nɔ ɣli dom be, "Aƒetɔ Yesu, kpɔ nublanui na mí!"
Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, "Miyi ɖe nunɔlawo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo fia be yewo ŋuti kɔ!" Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu.
Wo dometɔ ɖeka trɔ va Yesu gbɔ kple dzidzɔ henɔ ɣli dom be, "Woakafu Mawu, elabena nye lãme sẽ." Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba, eye wòda akpe nɛ le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o.
Yesu biae be, "Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asiekɛ mamlɛawo ya ɖe? Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?"
Yesu gblɔ na ŋutsua be, "Tso nàdzo, wò xɔse da gbe le ŋuwò."
Yesu yɔ dɔ amewo le ta la to
Ɣeyiɣi bubu la, Yesu yi Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe dzi. Ta aɖe le Yerusalem si te ɖe Alẽgbo la ŋu. Woyɔa ta sia le Hebrigbe me be, Betesda Ta. Wowɔ akpata atɔ̃ ƒo xlãe. Nuwɔametɔ geɖewo nɔa ta sia to, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, lãmetututɔwo, henɔa tsia ƒe bublu lalam. [ Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina va blua tsi la, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la kpɔa dɔyɔyɔ.]
Ŋutsu aɖe si nɔ dɔ lém la hã nɔ teƒea sia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ. Esi Yesu kpɔe wòmlɔ afi ma la, egblɔ nɛ be ele dɔ lém eteƒe didi. Ebiae be, "Èdi be wò lãme nasẽa?"
Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ be, "Aƒetɔ, meɖe kuku ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe ta sia me ne wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme."
Yesu gblɔ nɛ be, "Tso! Ŋlɔ wò aba ne nàzɔ azɔli!" Enumake ŋutsu la ƒe lãme sẽ. Eŋlɔ eƒe aba la, eye wòzɔ azɔli. Dzudzɔgbe ŋkeke dzie Yesu wɔ nukunu sia le.
Yesu gava Kana le Galilea, afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le la. Afi ma wòdo go aʋafia aɖe le. Ŋutsu sia ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum. Esi ŋutsu sia se be Yesu tso Yudea va ɖo Galilea la, eyi egbɔ heɖe kuku nɛ be wòava yɔ dɔ ye viŋutsuvi si ɖo kudo nu la na ye.
Yesu gblɔ nɛ be, "Mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, dzaa miekpɔ dzesi kple nukunuwo?"
Aʋafia la gblɔ be, "Aƒetɔ, meɖe kuku, va míyi kaba hafi vinyea naku?"
Ke Yesu gblɔ nɛ be, "Yi aƒe me, elabena viwò la ƒe lãme sẽ."
Aʋafia la xɔ nya si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòtrɔ dzo yina aƒe me. Esi wònɔ mɔa dzi yina la, eƒe dɔla aɖewo va kpee hegblɔ nɛ be via ƒe lãme sẽ. Aʋafia la bia gaƒoƒo si me tututu via ƒe lãme sẽ la wo. Woɖo eŋu nɛ be, "Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã la vɔ nɛ." Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, "Viwò la ƒe lãme sẽ." Ale aʋafia la kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔ Yesu dzi se.
Esiae nye nukunu evelia si Yesu wɔ, esi wòtso Yudea va Galilea.
A mulher com fluxo de sangue
Uma mulher que sofria há doze anos tocou a orla do manto de Jesus e foi curada instantaneamente pela sua fé.
Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to, elabena egblɔ le eɖokui me be, "Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la, nye lãme asẽ."
Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ be, "Vinyɔnuvi, wò dzi nedze eme! Wò xɔse la da gbe le ŋuwò." Tso gbe ma gbe ko la, nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ.
Nyɔnu aɖe nɔ ameawo dome si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ. Nyɔnu sia kpe fu, tsa le atikewɔla geɖewo dzi ƒe geɖewo, eye wògblẽ ga geɖe hã be woada dɔa na ye, gake mekpɔ dɔyɔyɔ o, dɔléle la ɖeko wòganyra ɖe edzi nɛ boŋ. Ese nukunu geɖe siwo Yesu wɔ, eya ta eʋli eɖokui, to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe, eye wòka asi eƒe awu ŋu, elabena exɔe se, eye wògblɔ le eɖokui me be, "Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la, nye lãme asẽ." Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la, ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake, eye wòse le eɖokui me hã be yehaya.
Nyɔnu aɖe nɔ afi ma, ame si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o. Nyɔnu sia va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòka asi eƒe awu to, enumake eƒe ʋusisidɔ la tɔ.
Ke Yesu trɔ bia be, "Ame kae ka asi ŋunye?" Ame aɖeke melɔ̃ be yee o.
Ke Petro gblɔ nɛ be, "Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, aleke wɔ nàbia be ame kae ka asi ye ŋu?"
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Gbeɖe, ame aɖe ɖoe koŋ ka asi ŋunye, elabena ŋusẽ si le menye la ƒe ɖe do le menye."
Nyɔnu si wɔ nenem nu sia la kpɔe be nu si yewɔ la le nyanya na Yesu eya ta etsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ nu si ta wòka asi eŋu kple ale si wòkpɔ dɔyɔyɔ enumake la nɛ. Yesu gblɔ nɛ be, "Vinyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me."
Ressurreições
Jesus ressuscitou mortos — a filha de Jairo, o filho da viúva de Naim e Lázaro. Ele é Senhor sobre a morte.
Yairo ƒe vinyɔnuvi kple nyɔnu si le ʋusisidɔ lém
Esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va dze klo ɖe eƒe ŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu be, "Vinye nyɔnuvi ku fifi laa, gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko."
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta amegã la ƒe aƒe me enumake.
Esi Yesu va ɖo amegã la ƒe aƒe me la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo, eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim. Yesu gblɔ be, "Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevi la meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle." Ame siwo se nya sia la ɖu fewu le eŋu, eye ɖewo hã koe.
Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wokɔ ɖevi la mlɔe la, eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvi la nyɔ enumake; eti kpo ɖi le aba la dzi, eye eƒe lãme sẽ.
Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme, eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, "Vinye la ɖo kudo nu vɔ, eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe."
Yesu tso kpla dze eyome, eye ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo.
Esi wòva ɖo ƒuƒoƒemegã ƒe agbonu la, Yesu kpɔ be zitɔtɔ gã aɖe nɔ teƒe la, elabena amewo nɔ avi fam henɔ ɣli dom hoo. Ege ɖe aƒea me, eye wòƒo nu na ameawo gblɔ be, "Nu ka ƒe avifafa kple hoowɔwɔe nye esia? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ wòdɔ!" Ameawo koe ʋuu le nya si wògblɔ la ta.
Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevi la fofo, dadaa kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi, eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔ la me. Yesu lé ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be "Talita kumi!" (si gɔmee nye be, "Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na wò be fɔ!"). Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi, eye wòzɔ azɔli (nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve). Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo.
Azɔ Yesu bia wo be, "Aleke magblɔ tso dzidzime sia tɔgbi ŋu? Nu ka ŋu matsɔ wo asɔ ɖo? Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asi me nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be,
" ‘Míeku dzidzɔkpẽ na mi,
ke mieɖu ɣe o;
eye míedzi konyifahawo na mi,
ke miefa avi hã o.’
Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke miegblɔ be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’ Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo. Miebuna be miaƒe nuwɔnawo dze, ke Mawu ƒe nuwɔnawoe nye nyateƒe le ame siwo xɔa edzi sena la gbɔ."
Nyɔnu nu vɔ̃ wɔla aɖe si ami na Yesu
Eva eme be Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu kple ye. Esi wonɔ kplɔ̃a ŋu la, nyɔnu nu vɔ̃ wɔla aɖe si le dua me la se be Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ la ƒe aƒe me. Eyi ɖatsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe ɖe asi.
Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔlawo dometɔ ɖeka la va Yesu gbɔ dze klo ɖe eƒe afɔ nu heɖe kuku nɛ vevie be nekplɔ ye ɖo yi aƒe me, elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom.
Yesu dze eyome enumake, gake ameha la mimii ɖo.
Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame aɖe tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, "Viwò la ku xoxo eya ta viɖe aɖeke mele eme be nàgaɖe fu na Nufiala la o."
Esi Yesu se nya si amea tsɔ vɛ la, egblɔ na ɖevia fofo be, "Mègavɔ̃ o! Wò ya xɔ se ko, ekema viwòa agagbɔ agbe."
Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o negbe Petro, Yohanes, Yakobo kple ɖevia fofo kple dadaa ko. Aƒea me ŋutɔ yɔ fũu kple konyifala siwo nɔ avi fam. Yesu gblɔ na wo be, "Midzudzɔ avia. Ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!"
Nya sia ɖi kokoe na ameawo, elabena wonya nyuie be ɖevia ku. Azɔ Yesu zɔ ɖe ɖevia dzi le xɔa me, eye wòlé eƒe alɔnu heyɔe gblɔ be, "Vinye tsi tsitre." Eye eƒe gbɔgbɔ gagbugbɔ, eye enumake wòtsi tsitre kpla. Yesu gblɔ na ameawo be, "Mina nanee wòaɖu!" Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.
Lazaro ƒe ku
Azɔ eva eme be ŋutsu aɖe si woyɔna be Lazaro la dze dɔ. Etso Betania, Maria kple nɔvia Marta ƒe du me. (Maria si kɔ amiʋeʋĩ ɖe Aƒetɔ ƒe afɔwo ta, eye wòtutui kple eƒe taɖa la nɔvie nye Lazaro si le dɔ lém la.) Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖe Yesu gblɔ be, "Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém."
Esi Yesu se nya sia la, egblɔ be, "Dɔléle sia menye kudɔe o, ke boŋ to eme la, woakafu Mawu, eye woakɔ Mawu ƒe Vi la ŋuti."
Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvia nyɔnu Maria kpakple Lazaro, gake esi wòse be Lazaro nɔ dɔ lém la, eganɔ afi si wòle la ŋkeke eve hafi dze mɔ. Azɔ eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, "Mina míatrɔ ayi Yudea."
Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, "Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?"
Yesu ɖo eŋu na wo be, "Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke me, eye le ɣeyiɣi siawo me la, ame ate ŋu azɔ numaklimaklii, elabena ele xexe sia me ƒe kekeli kpɔm. Gake ne ele zɔzɔm le zã me la, akli nu, elabena viviti do." Esi wògblɔ nya sia vɔ la, eyi edzi be, "Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, eya ta meyina be maɖanyɔe."
Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, "Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme asẽ." Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle.
Yesu ɖe eme na nusrɔ̃lawo be, "Lazaro ku,
Domínio sobre a natureza
Jesus acalmou a tempestade, andou sobre as águas e multiplicou pães. A natureza obedece à voz do seu Criador.
Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi
Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta ƒua ƒe go evelia dzi. Kasia ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe hegblɔ nɛ kple ɣli be, "Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!"
Yesu gblɔ na wo be, "O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?" Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.
Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, "Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe mahã?"
Esi zã nɔ dodom la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ nɛ be, "Afi sia la, gbedzie; naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽnuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu."
Yesu ɖo eŋu na wo be, "Mehiã be woayi aɖaƒle nuɖuɖu o, miawo midi nuɖuɖu na wo woaɖu!"
Nusrɔ̃lawo do ɣli gblɔ be, "Nu ka, abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve pɛ koe le mía si le afi sia!"
Yesu gblɔ na wo be, "Mitsɔ wo vɛ."
Azɔ ebia tso ameha la si be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Ale wòtsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve la, eye wòwu mo dzi hedo gbe ɖa ɖe wo dzi. Emegbe la, eŋe wo me tsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie, eye esi woƒo nuɖuɖu wuwlui mamlɛawo nu ƒu la, woyɔ kusi wuieve sɔŋ. Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme nɔ ŋutsu akpe atɔ̃ (5,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.
Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ.
Yesu nyi ame akpe ene
Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo be, "Ame gbogbo siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme, eye nuɖuɖu hã vɔ le wo si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi."
Nusrɔ̃lawo biae be, "Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le le dzogbe afi sia ana ame gbogbo siawo?"
Yesu gabia wo be, "Abolo nenie susɔ ɖe mia si?"
Woɖo eŋu be, "Abolo adre kple tɔmelã vi aɖe koe susɔ."
Yesu gblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba. Etsɔ abolo adre la kple tɔmelãwo, eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta. Emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi adre me woyɔ fũu. Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe ene (4,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.
Mawuxɔmenudzɔdzɔ
Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum la, gbedoxɔmenudzɔlawo va Petro gbɔ, eye wobiae be, "Miaƒe Aƒetɔ menaa gbedoxɔmega oa?"
Eɖo eŋu na wo be, "Ɛ̃, enanɛ."
Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, "Simɔn, aleke nèsusu? Ame kawo si anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo alo le ame bubuwo si?"
Petro ɖo eŋu nɛ be, "Le ame bubuwo si."
Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, "Ekema mehiã be dukɔmeviwo naxe adzɔga o."
Gake be míagadze agɔ le wo dzi o ta la, yi ɖe ƒuta, eye nàda ƒu. Lã gbãtɔ si nàɖe la, ke eƒe nu me; àkpɔ ga home aɖe si ade nye kple wò ƒe gadzɔdzɔ la nu. Tsɔe ɖaxe nye kple wò ƒe mawuxɔmenudzɔdzɔ lae.
Yesu ƒo fi de gboti matseku la
Esi ŋu ke, eye Yesu fɔ gayina Yerusalem le ŋdi me la, dɔ wui le mɔa dzi. Ekpɔ gboti aɖe le mɔa to, ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na gboti la be, "Tso egbe sia yina la, màgatse ku gbeɖe o!" Enumake gboti la yrɔ ɖe tsitrenu.
Nu sia wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wobiae be, "Nu kae na be gboti la yrɔ enumake?"
Yesu ɖo eŋu na wo be, "Le nyateƒe me la, ne xɔse vavã le mia si, eye ɖikeke mele mia me o la, miate ŋu awɔ nu siawo, eye nu siwo miawɔ la akɔ wu esiwo mewɔ kura gɔ̃ hã. Miate ŋu agblɔ na to si kpɔm miele le afii kura gɔ̃ hã be, ho nàyi aɖadze atsiaƒu me, eye wòava eme enumake. Nu sia nu si miabia to gbedodoɖa kple xɔse me la woana mi."
Esi wozɔ yina sẽe la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia na be ƒutsotsoewo ŋe dze ʋu la me ale gbegbe be esusɔ vie ko ʋu la nanyrɔ. Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya ziɔ suɖui le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm dziɖeɖitɔe. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae vɔvɔ̃tɔe be, "Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔm oa?"
Yesu blu ɖe ya la ta enumake, eye wòɖe gbe na ƒu la hã be, "Zi ɖoɖoe!" Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ƒu la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ.
Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, "Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifia hã la, miexɔ dzinye se oa?"
Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, "Ame ka gɔ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?"
Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be, "Teƒe sia tso abo, evɔ zã hã le dodom, eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo."
Gake Yesu gblɔ na wo be, "Miawo mina nuɖuɖu wo."
Nusrɔ̃lawo biae be, "Nu ka míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe."
Yesu bia wo be, "Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa."
Woyi gbɔ va gblɔ nɛ be, "Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li."
Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi. Ale ameawo nɔ anyi ɖe hatsotso alafawo kple blaatɔ̃wo me. Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme eve la, eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo ƒe akɔme. Ameawo ɖu nu la ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã, eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kakɛ siwo susɔ la, woyɔ kusi wuieve. Ke ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000).
Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene, gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒu la dzi, eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli, elabena wobu be ŋɔlie. Gake eƒo nu gblɔ na wo enumake be, "Miaƒe dzi nedze eme. Nyee, migavɔ̃ o."
Azɔ ege ɖe ʋu la me, eye yaƒoƒo la tɔ. Nusrɔ̃lawo katã ƒe nu ku ŋutɔ,
Yesu nyi ame akpe ene
Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le teƒe aɖe gbe ɖeka, eye nuɖuɖu menɔ wo si woaɖu o. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo be, "Ame siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena ŋkeke etɔ̃e nye esi wole afi sia, naneke mele wo si woaɖu o. Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke." Nusrɔ̃lawo biae be, "Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le na ameha gã sia le gbedzi afi sia?"
Ke Yesu hã bia wo be, "Abolo nenie le mia si?"
Woɖo eŋu be, "Abolo adre." Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Etsɔ abolo adreawo, da akpe na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛkakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo, eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme.
Lã meme ʋe aɖewo hã nɔ wo si, eye Yesu da akpe ɖe woawo hã ta, eye wòna be nusrɔ̃lawo ma wo na ameawo. Ameawo ɖu nu, ɖi ƒodo nyuie. Emegbe la, nusrɔ̃lawo ƒo abolo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, woyɔ kusi adre. Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe ene (4,000). Yesu do mɔ wo le nua ɖuɖu vɔ megbe.
Esi ŋu ke ŋdi, eye wotrɔ tso Betania gbɔna la, dɔ wu Yesu le mɔa dzi. Ekpɔ gboti aɖe si da ama ŋutɔ, ale wòte ɖe eŋu be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã, gake aŋgbawo koe nɔ ati la dzi, elabena eƒe kutseɣi meɖo o.
Yesu ƒo fi de ati la be, "Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖeke kpɔ gbeɖe o." Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ la.
Nusɔsrɔ̃ tso gboti si yrɔ la ŋu
Esi ŋu ke ŋdi la, wova to gboti si Yesu ƒo fi de la ŋuti, eye wokpɔ be, ati la yrɔ sũu. Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na ati la dzi, eye wògblɔ be, "Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!"
Yesu ɖo eŋu be, "Mixɔ Mawu dzi se. Nyateƒenya wònye be ne ame aɖe agblɔ na to sia be, ‘Yi, nàtsɔ ɖokuiwò ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke mele eƒe dzi me o la, ava eme nɛ. Eya ta mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la, mixɔe se be miaxɔe, eye wòaka mia si hã. Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔ me na mi la ke wo gbã be mia Fofo si le dziƒo hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. [
Yesu tia eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo
Gbe ɖeka esi Yesu le tsitre nɔ nu fiam le Genesaret ƒuta la, ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe eŋu be yewoase Mawu ƒe nya la. Yesu kpɔ ʋu eve siwo me ame aɖeke menɔ o la le ta la to. Ɖɔkplɔlawo nɔ woƒe ɖɔwo kpalam le tsia me. Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me, eye wògblɔ na Simɔn ame si tɔ nye ʋua be wòakui tso go ŋu ayi tsia dzi vie. Esi wòbɔbɔ nɔ eme la, efia nu ameha la tso afi ma.
Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simɔn be, "Azɔ miyi tsia ƒe gogloa ƒe ke ne miada ɖɔ ɖe afi ma ekema miaɖe lã fũu."
Simɔn ɖo eŋu nɛ be, "Amegã, egbe zã bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu, gake míeɖe naneke o, gake esi nègblɔe ko la, míagada ɖɔ la."
Wogada ɖɔ la ake ke azɔ la, woɖe lã ale gbegbe be woƒe ɖɔwo koe de asi vuvu me! Ale Simɔn kple nɔvia wodo ɣli yɔ wo nɔvi siwo nɔ ʋu bubu me le tsia dzi la be woava kpe ɖe yewo ŋu. Woɖe lã fũu wòyɔ ʋu eveawo ale gbegbe be ʋuawo di be yewoanyrɔ gɔ̃ hã.
Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, "O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ, elabena nye nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o." Elabena lã geɖe si woɖe la wɔ nuku na Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo. Nenema kee nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo, eye woganye Simɔn ƒe dɔwɔhatiwo hã.
Yesu gblɔ na wo be, "Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo ɖelawo!"
Esi wova ɖi go teti ko la, wogblẽ woƒe nuwo katã ɖe afi ma hedze Yesu yome.
Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi
Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi. Esi wonɔ ʋua me le ƒua dzi yina la, Yesu dɔ alɔ̃. Le ɣeyiɣi sia me la, ahom tu, eye ƒutsotsoewo ge ɖe ʋu la me, eye woƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me.
Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui, eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, "Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔm!"
Ale Yesu fɔ, eye wòblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo. Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, "Afi ka míaƒe xɔse le?" Wo katã ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ lé wo.
Ɖeko wobia wo nɔewo be, "Ame kae nye ame sia, be ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?"
Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi
Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi. Esi wonɔ ʋua me le ƒua dzi yina la, Yesu dɔ alɔ̃. Le ɣeyiɣi sia me la, ahom tu, eye ƒutsotsoewo ge ɖe ʋu la me, eye woƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me.
Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui, eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, "Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔm!"
Ale Yesu fɔ, eye wòblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo. Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, "Afi ka míaƒe xɔse le?" Wo katã ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ lé wo.
Ɖeko wobia wo nɔewo be, "Ame kae nye ame sia, be ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?"
Yesu da gbe le Gadaratɔ, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu
Wova ɖi go ɖe Gadaratɔwo ƒe anyigba si le Galilea ƒua godo la dzi.
Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, "Na mɔ ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o."
Yesu ɖo eŋu na wo be, "Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu."
Woawo hã gagblɔ nɛ be, "Aleke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le míawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be míayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?" (Wogblɔ esia, elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃.)
Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me" ale ameha la nɔ anyi nenema.
Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ, eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme. Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo, eye le nua ɖuɖu vɔ megbe la, wofɔ kakɛ siwo susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me woyɔ.
Srɔ̃ɖeŋkekenyui le Kana
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpe Yesu dada be wòava kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe teƒe le Kana si le Galilea Nuto me. Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã. Esi wɔnawo nɔ edzi yim la, wain si nom ameawo nɔ la vɔ. Ale Yesu dada va egbɔ hegblɔ nɛ be, "Wain mele wo si o."
Yesu ɖo eŋu na dadaa be, "Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o."
Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, "Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ."
Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe me.
Yesu gblɔ na subɔlawo be, "Midu tsi kɔ ɖe zɔwo katã me woayɔ." Ale wowɔ nenema.
Egagblɔ na wo be, "Azɔ mikui yi na nuɖuɖudzikpɔla la."
Wowɔ nenema. Nuɖuɖudzikpɔla la no tsi si trɔ zu wain la ƒe ɖe, ke menya afi si wòtso o, subɔlawo koe nya. Azɔ eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la eye wògblɔ nɛ be, "Zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo naa wain nyuitɔ woƒe ame kpekpewo gbã, eye ne ame sia ame noe wòsui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo, eye nètsɔe vɛ le nuwuwua."
Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu wɔ le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.
Yesu bia nya sia be yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.
Filipo ɖo eŋu nɛ be, "Ɣleti ade ƒe fetu gɔ̃ hã mate ŋu aƒle nuɖuɖu wòade na ameha sia o!"
Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simɔn Petro nɔvi, gblɔ nɛ be, "Ŋutsuvi aɖe le afi sia si si lubolo sue atɔ̃ kple tɔmelã meme eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?"
Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Mina ame sia ame nanɔ anyi." Gbe sɔ gbɔ ɖe teƒe sia. Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000) la nɔ anyi ɖe gbeawo dzi. Yesu tsɔ aboloawo, eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la, etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã meme eveawo hã ta, eye wòtsɔe na ameawo.
Esi ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie vɔ la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Miƒo abolo wuwlui siwo katã susɔ la nu ƒu be womagaɖi vlo o." Ale woƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu, eye wòyɔ kusi wuieve sɔŋ.
Esi woku ʋu la abe agbadroƒe etɔ̃ alo ene ko ene la, wokpɔ Yesu wònɔ tetem ɖe ʋu la ŋuti, enɔ ƒu la dzi zɔm, eye vɔvɔ̃ ɖo wo, ke egblɔ na wo be, "Nyee, migavɔ̃ o." Wodi be yewoakɔe ade ʋu la me, gake enumake la, ʋu la de tɔkɔ, afi si yim wonɔ la.
Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la adre
Emegbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Tiberias Ƒu la to. Eva dzɔ be, Simɔn Petro, Toma (si wogayɔna be Didymus), Nataniel si tso Kana le Galilea kple Zebedeo ƒe viwo hekpe ɖe nusrɔ̃la eve bubu ŋu wonɔ ƒuta. Simɔn Petro gblɔ be, "Meyina tɔƒo." Wogblɔ be, "Míayi kpli wò." Ale woyi ɖage ɖe tɔdziʋu la me, gake womeɖe lã aɖeke le zã ma me o. Le ŋdi me la, Yesu nɔ tsitre ɖe ƒua ta, gake nusrɔ̃lawo menya be Yesue nye ema o.
Yesu yɔ wo be, "Xɔ̃nyewo, mieɖe lã aɖeke oa?"
Woɖo eŋu be, "Ao, míeɖe naneke o."
Egblɔ na wo be, "Mida miaƒe ɖɔ la ɖe ʋua ƒe nuɖusime lɔƒo, eye miaɖe lã." Esi woda ɖɔa la, woɖe lã fũu ale gbegbe be womete ŋu he ɖɔ la o.
Ale nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Simɔn Petro be, "Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!" Esi Petro se nya sia teti ko la, etsɔ eƒe awu do kaba (elabena eɖee), eye wòti kpo dze tɔ la me. Nusrɔ̃la mamlɛawo nɔ ʋu la me dze eyome, eye wohe ɖɔ si yɔ fũu kple lã la, elabena gota medidi tso wo gbɔ o; anɔ abe mita alafa ɖeka ko ene. Esi woɖi go la, wokpɔ be wodo dzo ɖe afi ma, nɔ lã aɖewo mem, eye abolo hã kpe ɖe eŋu.
Yesu gblɔ na wo be, "Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ." Simɔn Petro ge ɖe ʋu la me, eye wòkpe ɖe wo ŋu wohe ɖɔ la va gota. Lã gãwo yɔ ɖɔ la fũu eye esi woxlẽ wo la, wonɔ alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153) gake ɖɔ la mevuvu o.
Libertações
Jesus expulsou demônios com autoridade. Os espíritos impuros não resistiam à sua palavra e saíam imediatamente.
Yesu da gbe le Kapernaumʋafia la ƒe dɔla ŋuti
Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, aʋafia aɖe va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ye ŋu. Egblɔ be, "Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi ɖe aƒe me, eye wòle vevesese gã aɖe me."
Yesu gblɔ nɛ be, "Enyo, megbɔna be mada gbe le wò dɔnɔ la ŋu na wò."
Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ be, "Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒe me o, eye mehiã be nàva hã o. Ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla la ƒe lãme nasẽ. Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii,’ eye woyina, ‘Miva afii,’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ,’ eye wòwɔnɛ."
Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti. Azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, "Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o. Mele egblɔm na mi be, ame geɖewo atso xexea me ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kple Yakob. Ke Israelvi geɖewo, ame siwo wodzra fiaɖuƒe la ɖo ɖi na ya la, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ."
Yesu gatrɔ ɖe Romasrafowo ƒe amegã la ŋu hegblɔ nɛ be, "Heyi aƒe me, nu si nèxɔ se be ate ŋu ava eme la, va eme xoxo." Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, dɔla la ƒe lãme sẽ.
Yesu da gbe le Gadaratɔ gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ eve aɖewo ŋu
Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la, ame eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Adã nɔa mo na wo, ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o. Esi wokpɔ Yesu la, wode asi ɣlidodo me be, "Nu ka dim wò Mawu ƒe Vi nèle le mía gbɔ? Ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣi la naɖoa?"
Le ɣe ma ɣi me la, aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma lɔƒo. Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, "Ne ènya mí do goe le ame siawo me la, na míayi aɖage ɖe ha mawo me."
Yesu gblɔ na wo be, "Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me kaba!" Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me ɖage ɖe haawo me; enumake haawo katã ƒu du sesĩe ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo, eye wono tsi ku. Hakplɔlawo ŋutɔ lé du tsɔ sesĩe yi du si te ɖe afi ma ŋu la me, eye wogblɔ nu si dzɔ kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃ do go le la ƒe nyawo na dua me tɔwo. Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, dua me tɔwo katã do bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewoƒe anyigba dzi.
Gbedada le aɖetututɔ aɖe ŋu
Esi Yesu nɔ dzodzom le afi ma la, wokplɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye metea ŋu ƒoa nu o la vɛ nɛ. Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ame la me, eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, yewomekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o.
Yesu kple Belzebul
Azɔ wokplɔ ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la va Yesu gbɔe, eye wòda gbe le eŋu ale be wòte ŋu nɔ nu ƒom henɔ nu kpɔm nyuie hã.
Kanan nyɔnu la ƒe xɔse
Yesu dzo le nuto ma me, eye wòzɔ mɔ kilomita blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidon nutowo me. Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, "O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi."
Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, "Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí."
Yesu gblɔ na nyɔnu la be, "Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ."
Ke nyɔnu la te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, "Aƒetɔ, ve nunye ko!"
Yesu gblɔ nɛ be, "Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o."
Nyɔnu la ɖo eŋu be, "Ɛ̃, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi."
Yesu gblɔ nɛ be, "Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò." Eye enumake via nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ.
Gbedada le ŋutsuvi gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu
Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme gblɔ be, "Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia; ele kpeŋuidɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe. Ne kpeŋuidɔ la dze edzi ɣe aɖewo ɣi la, enana be wòdzea dzo alo tsi me. Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo, gake womete ŋu da gbe le eŋu o."
Yesu ɖo eŋu gblɔ be, "O! Mi dzidzime kpaɖikpaɖi, dzimaxɔsetɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la va afi sia nam." Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta, eye wòdo go le ɖevi la me ale be eƒe lãme sẽ enumake.
Ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒe la gbe ma gbe. Ame sia de asi ɣlidodo me be, "Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na mí ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la."
Yesu blu ɖe eta gblɔ be, "Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme." Le Yesu ƒe gbeɖeɖea nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye wòdo go le eme.
Yesu da gbe le Gadaratɔ gbɔbɔvɔ̃tɔ aɖe ŋu
Wotso ƒu la, eye woge ɖe Gadaratɔwo ƒe nutowo me. Esi Yesu do go tso ʋua me la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la do go tso yɔdoawo me va kpee. Ame sia ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ me, eye ame aɖeke magate ŋu ablae alo ade gakɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hãe o, elabena zi geɖe wodea gakɔsɔkɔsɔ eƒe asiwo kple afɔwo, ke etsoa wo keŋkeŋ. Ame aɖeke mesesẽ wui, alée wòanɔ anyi kpoo o. Le ŋkeke kple zã me siaa la, enɔa tsatsam le yɔdowo dome kple togbɛwo dzi, nɔa ɣli dom henɔa eɖokui sim kple kpe ɖaɖɛwo.
Ame sia kpɔ Yesu xoxoxo esi wònɔ ƒua dzi gbɔna, eya ta esi wòɖi go ko la, eƒu du va tui hedze klo ɖe eƒe akɔme.
Edo ɣli sesĩe be, "Nya kae le nye kple wò dome, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Le Mawu ta mègawɔ funyafunya aɖekem o!" Elabena Yesu nɔ gbɔgblɔm nɛ be, "Do go le ŋutsu sia me, wò gbɔgbɔ vɔ̃."
Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃ la be, "Ŋkɔwò ɖe?"
Eye wòɖo eŋu nɛ be, "Ŋkɔnyee nye Legio, elabena míesɔ gbɔ ɖe ame sia me." Azɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo ɖo ɖe du didi aɖeke me o.
Eva eme be aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le togbɛ si te ɖe toa ŋu la dzi. Gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ na Yesu be, "Míeɖe kuku, nya mí ɖo ɖe ha mawo me."
Yesu na mɔ wo be woayi, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le ame la me enumake yi ɖage ɖe haawo me. Haawo ƒe habɔbɔ si anɔ abe akpe eve (2,000) ene la katã ƒu du sesĩe ɖanyrɔ wo ɖokuiwo ɖe ƒu la me doo heno tsi ku.
Hakplɔlawo lé du tsɔ sesĩe eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nya la ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔe be ame sia ame yi be yeakpɔ nu si dzɔ la.
gake miawo la, miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na fofoa alo dadaa si hiã nane la be, nu si wòle be matsɔ na wò la nye kɔban (esi gɔmee nye, metsɔe na Mawu). Mieɖea mɔ nɛ be wòawɔ nu si dze be wòawɔ la na fofoa alo dadaa o. Ale miegbe Mawu ƒe nya, eye miewɔna ɖe miaƒe kɔnyinyi, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea."
Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, "Mi katã miɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme. Naneke meli si tsoa gota gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la, woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii. [
Yesu da gbe le Kanaan nyɔnu aɖe ƒe vinyɔnuvi ŋuti
Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidon nutowo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui ɖe aƒe aɖe me, gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o.
Nyɔnu aɖe si ƒe vi gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ fu ɖem na la va egbɔ enumake. Nyɔnu sia se Yesu ŋkɔ, eva dze klo ɖe eƒe afɔ nu heɖe kuku nɛ be wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ye vi la me. Nyɔnu la nye Sirofoiniketɔ.
Yesu gblɔ nɛ be, "Ele be ɖeviwo naɖi ƒo gbã; gawu la, menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu ana avuwo o."
Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, "Aƒetɔ, esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ te."
Yesu gblɔ nɛ be, "Le nya sia ta la, heyi, gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwò nyɔnuvi la me."
Esi nyɔnu sia va ɖo aƒe me la, ekpɔ via nyɔnuvi la wòmlɔ anyi ɖe aba dzi kpoo, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme.
Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, "Nufiala meɖe kuku, vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o. Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, ekɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye eƒe lãme liana kakoo. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le eme, gake womete ŋui o."
Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, "O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam."
Ale wokplɔ ɖevi la yi na Yesu, gake kaka wòakpɔ Yesu ko la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba, eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu.
Yesu bia ɖevia fofo be, "Tso ɣe ka ɣi ke wòle dɔ sia lém?"
Fofoa ɖo eŋu be, "Tso keke eƒe ɖevime ke. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí."
Yesu gabiae be, "Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko."
Fofoa ɖo eŋu enumake be, "Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!" Yesu kpɔ be ameha la nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi, eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, "Gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be, nàdo go le ɖevi sia me fifi laa, mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o."
Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevi la nublanuitɔe, hedo go le eme. Azɔ ɖevi la fa miamiamia ɖe anyigba, heli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be eku. Ke Yesu lé eƒe alɔnu, na wòtsi tsitre, eye nukutɔe la, eƒe lãme sẽ.
Yesu yɔ dɔ ame geɖewo
Esi Yesu do go le ƒuƒoƒea gbe ma gbe la, eyi Simɔn ƒe aƒe me, eye wòke ɖe Simɔn lɔ̃xo ŋu wònɔ ŋudza sesẽ aɖe lém. Ame sia ame kloe va ɖe kuku na Yesu gblɔ be, "Míeɖe kuku na wò da gbe le eŋu."
Yesu yi ɖatsi tsitre ɖe dɔnɔa ƒe aba gbɔ, eye wòɖe gbe na dɔlélea be wòaɖe asi le eŋu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake, eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo woƒe akɔme.
Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le, eye megado awu kpɔ o la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒe me ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔna. Esi wòkpɔ Yesu teti ko la, etsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, "Nu ka dim nèle le gbɔnye, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!" Egblɔ nya sia, elabena Yesu de asi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanya me le eme xoxo. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia xɔ amea me ale gbegbe be ne woblae kple gakɔsɔkɔsɔ hã la, etsoa kɔsɔkɔsɔa bɔbɔe hesina ɖoa gbe.
Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, "Ŋkɔwò ɖe?"
Eɖo eŋu nɛ be, "Ŋkɔnyee nye Legio," elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi eme. Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo de do globo si seɖoƒe meli na o la me o.
Aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le to si te ɖe wo ŋu la kɔgo le ɣeyiɣi sia me, eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be nena yewoayi aɖage ɖe wo me. Ale Yesu na mɔ wo. Gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le amea me yi ɖage ɖe haawo me. Enumake haawo katã ƒu du sesĩe tso toa kɔgo yi ɖadze ƒu me doo heno tsi ku. Esi hakplɔlawo kpɔ nu siwo dzɔ la, wolé du tsɔ sesĩe tu ta duwo kple kɔƒe siwo te ɖe afi ma ŋu la me, eye esi wonɔ yiyim la, wonɔ nu si dzɔ la gblɔm na amewo. Eteƒe medidi o la, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ, eye wòdo awu henɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã.
"Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!"
Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ le to dzi
Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi woyi togbɛ aɖe dzi, afi si wòɖo be yeado gbe ɖa le. Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia. Ŋutsu eve, Mose kple Eliya wodo kple ŋutikɔkɔe gã aɖe henɔ nu ƒom kple Yesu. Woƒo nu tso eƒe dzodzo si ava va eme kpuie le Yerusalem la ŋu.
Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ. Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, "Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya." (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.)
Ŋutsu aɖe si nɔ wo dome la kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be, "Nufiala, meɖe kuku na wò be nàkpɔ vinye ŋutsuvi sia ɖa; eya koe nye vi le asinye. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe, ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣe sia ɣi kloe, eye menana wòkpɔa vovo kura o. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae le eme, gake womete ŋui o."
Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, "O! Mi xɔse ʋɛ tɔ kple dzi me makɔmakɔtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwò ŋutsuvi la va afii."
Esi ŋutsuvi la gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me, eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa. Ame sia ame ƒe mo wɔ yaa le ale si Yesu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fiae la ta.
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku ŋu zi evelia
Esi ameha la nɔ nu ƒom le nu wɔnuku siwo katã wɔm wònɔ ŋu la, Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ, gblɔ na wo be,
Yesu kple Belzebul
Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me, eye amea de asi nuƒoƒo me enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta.
Kasia, nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tsɔ eƒe yi kpa ɖusimeto na nunɔlagã ƒe subɔvi si nɔ ameawo dome.
Ke Yesu gblɔ nɛ be, "Migawɔ avu kpli wo o, miɖe asi le wo ŋu ko." Ale wòka asi afi si subɔvia ƒe to la nɔ ŋu, eye toa gaɖo eteƒe abe tsã ene.
Yesu ɖi ɖase le Yohanes ŋu
Le ame dɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes ŋuti. Ebia wo be, "Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma? Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoea? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo, eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔa wo le. Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã. Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be,
" ‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be,
wòadzra wò mɔ la ɖo.’
Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke mewu Yohanes o; gake ame suetɔ kekeake si le mawufiaɖuƒea me la kɔ wu eya amea!"
(Ame siwo katã se Yohanes ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dometɔ aɖewo siwo nye nudzɔlawo la kpɔ ŋudzedze le Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu, eye wona Yohanes de mawutsi ta na wo. Farisitɔwo kple sefialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o.)