Publicidade

Morte de Jesus

Por Bíblia Online

A morte de Jesus é o sacrifício supremo do amor de Deus. Na cruz, o Cordeiro de Deus carregou os pecados do mundo, satisfez a justiça divina e abriu o caminho da salvação para todos.

O sacrifício na cruz

Jesus disse: 'Está consumado!' Na cruz, Ele cumpriu toda a lei, pagou o preço do pecado e reconciliou a humanidade com Deus.

Yesu ƒe ku

Esi Yesu nya be nu sia nu wu nu azɔ, eye be woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la, egblɔ be, "Tsikɔ le wuyem!" Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe afi ma. Wotsɔe ɖe kakle tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu be wòano.

Esi Yesu ɖɔe kpɔ ko la, egblɔ be, "Ewu enu azɔ," eye wòde ta to heɖe asi le eƒe gbɔgbɔ ŋu.

Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la, woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke womema awutewui la ya o. Awu sia nye awu ʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi.

Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be, "Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ, eye ame si ɖu dzi la naxɔe."

Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be,

"Woma nye awuwo na wo nɔewo,

eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi."

Alea asrafoawo .

Nyɔnu aɖewo tsi tsitre ɖe atitsoga la gbɔ. Woawoe nye Yesu dada, Yesu dada nɔvi si woyɔna be Maria, Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala la. Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ be, "Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi."

Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la be, "Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!" Eye tso ɣe ma ɣi dzi la, nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒe aƒe mee.

Esi woɖo teƒe si woyɔna be "Ametakoliƒe" la, woklãe ɖe ati ŋu le afi ma, hlɔ̃dola ɖeka le eƒe nuɖusime, eye ɖeka le eƒe miame.

Sẽe la, Yesu do ɣli sesĩe be, "Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu ̃wo ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole la o." Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu, eye woda akɔ ɖe ɖe sia ɖe dzi hemae.

Ameha aɖe afi ma Yesu kpɔm. Ke Yudatɔwo ƒe amegã siwo wo dome la fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, "Ame sia ɖe ame geɖewo, ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe eya ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye Kristo si nye Mawu ƒe Ame tiatia la vavã."

Asrafo siwo eŋu dzɔm ɖu fewu le eŋu. Wotsɔ aha tsitsi be wòano, eye wogblɔ be, "Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe ŋutɔ ɖokuiwò."

Woŋlɔ klã ɖe eƒe atitsoga tame be,

ame siae nye Yudatɔwo ƒe Fia.

Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe eŋu be, "Ke boŋue nye Kristo la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwò, eye nàɖe míawo le atitsoga la ŋue."

Ke adzodala evelia blu ɖe nɔvia ta be, "Ɖe mevɔ̃a Mawu oa, esi katã míele fɔbubu ma ke tea? Míawo ya tohehe sia dze , elabena nu si dze míaƒe nu ̃ɖi wɔwɔwo la, eya kpɔm míele. Ke ame sia ya mewɔ nu ̃ aɖeke o." Eyi edzi be, "Yesu ɖo ŋku dzinye le fiaɖuƒe la me."

Yesu ɖo eŋu be, "Vavã mele egblɔm na be, egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim."

Yesu ƒe ku

Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la dzi va se ɖe keke ɣetrɔ ga etɔ̃ me.

Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be, "Eloi, Eloi, lama sabaktani?" (si gɔmee nye "Nye Mawu, Nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?").

Eye kpɔ ɖa, xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo gbã, eye yɔdowo nu ʋu, eye ame kɔkɔe geɖe siwo ku la ƒe ŋutilã gagbɔ agbe. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me, eye woyi ɖe du kɔkɔe la me, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le.

Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ wo, eye wogblɔ be, "Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã."

Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta.

Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu ̃wo ta.

Tohehe si he ŋutifafa na la le eya amea dzi,

eye eƒe abi siwo wòxɔ la .

katã míetra abe alẽwo ene.

Mía dometɔ ɖe sia ɖe eƒe tsɔ;

ke Yehowa tsɔ katã ƒe nu ̃wo da

ɖe eya amea dzi.

Wotee ɖe to, eye wòkpe fu, gake meke nu o.

Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge.

Ezi ɖoɖoe kpoo abe alẽ si le

eƒe fukolawo ŋkume la ene, eye meke nu o.

Avuwo ƒo xlãm,

ame ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem,

eye wotsɔ nu ŋɔ nye asiwo kple afɔwo.

Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo,

amewo ŋku ɖe dzinye,

eye wokpɔ dzidzɔ le nye anyidzedze ŋuti.

Woma nye awuwo na wo nɔewo,

eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi.

Ame siwo katã kpɔm la ɖe alɔme le ŋunye;

woflɔa dzu ɖe dzinye, eye woʋuʋua ta ɖe ŋunye gblɔna be:

"Eka ɖe Yehowa dzi,

Yehowa neɖee míakpɔ.

Yehowa neɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu."

O amor que se entrega

Ninguém tem maior amor do que aquele que dá a vida pelos amigos. Deus prova seu amor em que Cristo morreu por nós quando ainda éramos pecadores.

Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔvia lae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe exɔlɔ̃wo ta.

Elabena Mawu ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.

Elabena esi míenye Mawu ƒe futɔwo tsã, eye míewɔ ɖeka kple Mawu to Via ƒe ku me la, míakpɔ ɖeɖe wu to eƒe agbe me.

Ale si Yesu Kristo va ku ɖe mía ta la ɖe nu si lɔlɔ̃ nye la fia . Eya ta ele be míawo míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi na mía nɔviwo.

Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko tae o, ke boŋ ɖe xexea me blibo la ƒe nu ̃wo ta.

Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la,

ebɔbɔ eɖokui,

ɖo to yi ɖase ku me,

yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!

Morte e ressurreição

Jesus morreu e ressuscitou, e a morte não mais tem domínio sobre Ele. Pelo batismo, participamos de sua morte e ressurreição.

Elabena míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, magaku akpɔ o; ku magaɖu fia ɖe edzi akpɔ o. Esi wòku la, eku na nu ̃ zi ɖeka ̃ɔ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu.

Alo ɖe mienyae be ame siwo katã wode mawutsi ta na le Kristo Yesu me la, wodee na ɖe eƒe ku me oa? Eya ta esi wode mawutsi ta na ɖe eƒe ku me la, woɖi kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me.

Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la, nenema ke wotsɔ Kristo sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe na ame siwo katã le elalam.

Petro yi edzi gblɔ be, "Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ. Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui. Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o.

"Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔ eƒe agbe na ɖe alẽawo ta.

Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-