Publicidade

Hebreus 9

Subɔsubɔ le anyigbadzigbadɔ la me

1 Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ, eye wotu anyigba dzi kɔkɔeƒe . 2 Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo anyi, eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe. 3 Wotsɔ xɔmetsovɔ tso sia mee, eye woyɔ agbadɔ si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe. 4 Nu siwo le sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be nubablaɖaka. Wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikazɔ si me mana le la le aɖaka la me hekpe ɖe Aron ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti. 5 Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nubablaɖaka la tame, eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o.

6 Ne nu sia nu gbe la, nunɔlawo gena ɖe ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzedzi, eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ. 7 Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta. 8 Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖee fia to esia dzi be womeklo nu le si yi Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la dzi haɖe o, zi ale si Agbadɔ gbãtɔ la gale te nu ko. 9 Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti, esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la mate ŋu aɖe ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o. 10 Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nye gotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va.

Kristo ƒe ʋu

11 Esi Kristo va abe nu nyui siwo li xoxo ƒe nunɔlagã ene la, eto agbadɔ si lolo hede blibo wu la me, agbadɔ si wometsɔ asi tui o alo míagblɔ be menye nuwɔwɔ la ƒe akpa aɖe o. 12 Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka ̃ɔ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto ɖeɖe mavɔ na . 13 Nenye be gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyiviwo ƒe afi si wohlẽ ɖe ame siwo ŋuti mekɔ o la ŋu wɔnɛ be woƒe ŋuti kɔna le gotagome la, 14 ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.

15 Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo nu ̃ le nubabla xoxoa te la ta.

16 Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehiã be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi, 17 elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti ne ame si ŋlɔ agbalẽ la le agbe o. 18 Esia tae womewɔ nubabla gbãtɔ me nyawo dzi ʋumanɔmee o. 19 Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔa la, etsɔ nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzĩ kple kakle, eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ la katã ŋuti. 20 Tete wògblɔ be, "Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be mialé ɖe asi." 21 Nenema ke wòhlẽ ʋu ɖe agbadɔ la kple nu siwo katã ŋuti wowɔna le subɔsubɔ me la ŋuti. 22 Le nyateƒe me la, se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, nu ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o.

23 Eya ta ehiã kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo. 24 Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye vavãtɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wòdo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe 25 Nenema ke meyi ɖe dziƒo be wòatsɔ eɖokui ana zi geɖe abe ale si nunɔlagã la gena ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe kple ʋu si menye eya ŋutɔ o la ene o. 26 Ne ele alea la, ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esime ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la, eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ sa vɔe me. 27 Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la, 28 nenema ke wotsɔ Kristo sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe na ame siwo katã le elalam.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-