Publicidade

Mudança

Por Bíblia Online

A mudança é constante na vida, mas Deus é imutável. A Bíblia nos ensina a abraçar a transformação espiritual enquanto confiamos no Deus que é o mesmo ontem, hoje e sempre.

Deus é imutável

Jesus Cristo é o mesmo ontem, hoje e para sempre. Deus não muda — Ele é a rocha firme em meio às mudanças constantes da vida.

Yesu Kristo metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe, eye nenema kee wòanɔ ɖaa.

Adzodada Mawu

"Nyee nye Yehowa, nyemetrɔna gbeɖe o, eya tae mi Yakob ƒe dzidzimeviwo mietsrɔ̃ haɖe o, elabena nye nublanuikpɔkpɔ li ɖaa.

Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.

Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.

Transformação em Cristo

Se alguém está em Cristo, é nova criação. Somos transformados de glória em glória à imagem do Senhor pelo poder do Espírito.

Eya ta ne ame aɖe Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, "kpɔ ɖa!" nuwo katã zu yeye.

Ke ame siwo katã Yesu Kristo abe Aƒetɔ ene heɖoa dzi ɖe eŋu la, nutsyɔnu aɖeke mele míaƒe mowo o, eya ta míele abe ahuhɔ̃e si ɖea Aƒetɔ la ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe fiana la ene. Eye zi ale si Aƒetɔ la si nye Gbɔgbɔ la le wɔm le mía me la, etrɔa be míaɖi Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe me.

Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.

̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene.

ame si, to ŋusẽ si na wòtsɔ nu sia nu de eƒe ŋusẽ te me la, aɖɔli míaƒe ŋutilã siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ le la be woanɔ abe eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã ene.

Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo katã. Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔlĩ me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o eye ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo enumake.

Arrependimento como mudança

Arrependei-vos, pois, e convertei-vos. O arrependimento é a mudança mais radical — da morte para a vida, do pecado para a graça.

Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzi me vavã.

Gbeɖe, mele eme nenema o! Miawo minya be yewoatsrɔ̃ alea ke nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o.

Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ,

Tempos e ciclos

Para tudo há uma estação e um tempo para cada propósito debaixo do céu. Deus faz novas todas as coisas no tempo certo.

Ɣeyiɣi li na nu sia nu

Ɣeyiɣi li na nu sia nu,

eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.

Dzidzime ɖeka nu va yina eye bubu vana,

ke anyigba ya ganɔa anyi nenema ko tegbee.

Ɣe dzena eye wòɖoa to;

eɖea abla yia afi si wòdze tso.

Ya ƒona ɖoa ta dziehe

eye wòtrɔna yia anyiehe.

Etrɔna toa eme madzudzɔmadzudzɔe

eye wògatrɔna yia afi si wòdze egɔme tsoe.

Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me,

ke atsiaƒu la meyɔna gbeɖe o.

Tsi la gatrɔna yia tɔsisiawo me

eye wògatsana yia atsiaƒu la me.

Nu siwo anyi va yi la,

woawo ke koe agatrɔ ava

eye nu siwo wowɔ kpɔ la,

woawo ke ko woagawɔ.

Nu yeye aɖeke mele ɣe la te o.

Nane koŋ li si ŋu woate ŋu agblɔ le be,

"Kpɔ ɖa, nu sia ya nye nu yeye" mahã?

Enɔ anyi kpɔ le blema ke,

do ŋgɔ na .

Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm!

Edo mo ɖa xoxo, mèle ekpɔm oa?

Mele tam ɖe gbedzi, eye mana tɔsisiwo

nado ɖe kuɖiɖinyigba dzi.

Gbã la, ele be miase egɔme be le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, anɔ fewu ɖum, eye woadze woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro ̃wo yome. Woagblɔ be, "Afi ka eƒe vavaƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, esi mía fofowo ku la, nu sia nu le edzi yim abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene." Ke woɖoe koŋ heŋlɔ be be gbe aɖe gbe ʋĩi ke wotsɔ Mawu ƒe nya dziƒo, eye wowɔ anyigba tso tsi me kple tsi. To tsi sia ke dzi wotsrɔ̃ xexe si anyi ɣe ma ɣi le esi woxɔ beble dzi se ta. To Mawu ƒe nya sia ke dzi wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo na dzo, eye woɖoe da ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mawumavɔ̃lawo ƒe tsɔtsrɔ̃.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-