Publicidade

Lucas 13

Trɔ dzi me alo nàtsrɔ̃

1 Le ɣe ma ɣi me la, ame aɖewo ka ale si Pilato na be wowu Galileatɔwo hetɔtɔ woƒe ʋu kple woƒe numemewo la ta .

2 Yesu trɔ bia ameawo be, "Ɖe miebu be ame siwo wowu la ƒe nu ̃wo gbɔ wu Galileatɔ bubuwo tae wowu wo ɖoa? 3 Gbeɖe, mele eme nenema o! Miawo minya be yewoatsrɔ̃ alea ke nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o.

4 "Aleke miebu tso ame wuienyi siwo dzi Siloam gbetakpɔxɔ la mu dze woku la ŋu? Woawoe nye nu ̃ wɔla gãtɔwo wu le Yerusalem mahã? 5 Gbeɖe, menye woawoe o. Miawo miatsrɔ̃ nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o."

Lododo tso gboti matseku la ŋu

6 Azɔ Yesu yi dzi do lo sia be, "Ŋutsu aɖe do kutsetseti aɖe ɖe eƒe abɔ me, eye wòvaa atia te edziedzi be yeakpɔ be etse ku aɖe mahã, gake mekpɔa kutsetse aɖeke le edzi o. 7 Mlɔeba la, egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be, Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ, gake ati sia metse ku ɖeka kpɔ o! Lãe ƒu anyi. Nu ka ta magana wòanɔ te? Ele xem na anyigba la.

8 "Abɔdzikpɔla la ɖo eŋu be, Aƒetɔ, na wòaganɔ anyi ƒe ɖeka kpɔ. Matrɔ asi le eŋu nyuie agbugbɔ aɖu ado ɖe ete. 9 Nenye be etse ku la, enyo, ke ne metse ku o la, malãe ƒu anyi.’ "

Yesu da gbe le nyɔnu aɖe ŋu le Sabat dzi

10 Gbe ɖeka esi Yesu nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi la, 11 ekpɔ nyɔnu aɖe si dɔléamegbɔgbɔ na wònɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa, ale be mate ŋu adzɔ ɖe tsitrenu o.

12 Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ be, "Nyɔnu, èvo tso dɔléle la si me!" 13 Azɔ eka asi eŋu, eye enumake nyɔnu la ƒe dɔa , eye wòdzɔ ɖe tsitre hekafu Mawu.

14 Yudatɔwo ƒe kplɔla si ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu la ta, elabena eyɔ na nyɔnu la le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, "Ŋkeke ade sɔŋ le kɔsiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nàva woayɔ , ke menye le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o!"

15 Aƒetɔ la ɖo eŋu be, "Mi alakpanuwɔlawo! Ɖe mieɖea ka miaƒe tedziwo alo nyiwo le woƒe kpowo me le Dzudzɔgbe dzi, eye miekplɔa wo yina ɖanaa tsi wo wonona oa? Esia nye dɔwɔwɔ le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. 16 Ke nu ̃ wònye nye ya mewɔ be meɖe ga Yuda nyɔnu, Abraham ƒe dzidzimevi sia, le Dzudzɔgbe ŋkeke dzia? Ame si Satana bla kple dɔléle ƒe wuienyi sɔŋ la?"

17 Eƒe nya siawo na be ŋu kpe eƒe futɔwo katã, eye ame sia ame kpɔ dzidzɔ le nukunu siwo katã wòwɔ la ta.

Lododowo le logoku kple amɔʋãtike ŋu

18 Azɔ egade asi nufiafia amewo me le mawufiaɖuƒe la ŋuti. Ebia wo be, "Aleke mawufiaɖuƒe la le? Nu ka ŋue miate ŋu atsɔe asɔ ɖo? 19 Ele abe atiku sue aɖe si wodo ɖe agble me ene. Atiku sia tsi kabakaba va zu ati kɔkɔ aɖe, eye wòɖe alɔwo fũu, eye xeviwo va atɔ ɖe alɔawo me."

20 Egabia ake be, "Nu ka ŋu matsɔ mawufiaɖuƒe asɔ ɖo? 21 Eɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie."

Agbo xaxɛ la

22 Azɔ Yesu tsatsam le du kple kɔƒewo me nu fiam amewo, ke ekpɔ egbɔ be yenɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu.

23 Ame aɖe va egbɔ va biae be, "Aƒetɔ, ame ʋɛ aɖewo koe le ɖeɖe kpɔ gea?"

Eɖo eŋu na wo be, 24 "Miʋli be miage ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke mele egblɔm be womate ŋui o. 25 Nenye be Aƒetɔ la tsi tsitre hetu ʋɔa la, ekema mietsi megbe. Mianɔ tsitre ɖe ʋɔa godo anɔ eƒom be, Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.

"Ke aɖo eŋu na mi be, Nyemenya mi kple afi si mietso o.

26 "Miawo miaɖo eŋu be, kpli míede asi agba ɖeka me ɖu nu kpɔ, eye nèfia nu le míaƒe ablɔwo dzi kpɔ.

27 "Ke agaɖo eŋu na mi be, Megblɔe na mi be nyemenya mi o. Miate ŋu ava eme o, elabena nu ̃ wɔlawo mienye. Midzo le afi ma.

28 "Miafa avi aɖu aɖukli le esime miele tsitre ɖe xexe le Abraham, Isak, Yakob kple nyagblɔɖila siwo katã le mawufiaɖuƒea me la kpɔm ɖo ɖa. 29 Amewo atso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe ava eye woanɔ kplɔ̃ ŋu le mawufiaɖuƒe la me. 30 Mina nya sia nanɔ susu me na mi be ame siwo womebuna ɖe naneke me fifia o la axɔ bubu aɖe le dziƒo, eye ame siwo nye ame ŋkutawo le afi sia la, womabu wo ɖe naneke me le afi ma o."

Yesu xa nu le Yerusalem ŋu

31 Le ɣeyiɣi sia me la, Farisitɔ aɖewo va gblɔ be, "Ne èdi be yeatsi agbe la, ekema dzo le afi sia, elabena Fia Herod le diwòm be yeawu."

32 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Miyi ɖagblɔ na ayetɔ ma be manɔ gbɔgbɔ ̃wo nyanya dzi, eye mawɔ nukunu geɖewo, ayɔ amewo egbea kple etsɔ. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mawu nye nu, eye maɖo afi si yim mele. 33 Ɛ̃, egbea, etsɔ kple ŋkeke si akplɔe ɖo la, mawu nye nu! Elabena menyo be Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖeke naku ɖe afi aɖeke tsɔ wu Yerusalem o.

34 "O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo, eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la, medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe nam o. 35 Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. Mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o, va se ɖe esime miagblɔ be, Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ "

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-