Mulher
A Bíblia celebra a mulher como obra-prima da criação divina. Ela é elogiada por sua sabedoria, força, beleza interior e papel fundamental na família e na sociedade.
A mulher na criação
Deus criou o homem e a mulher à sua imagem. A mulher foi formada como ajudadora idônea — parceira de igual dignidade e valor.
Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me.
Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo;
ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.
Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la. Yehowa Mawu tsɔ axaƒuti si wòɖe le amea me la wɔ nyɔnu, eye wòkplɔe va ame la gbɔ.
Tete ame la do dzidzɔɣli be,
"Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me
kple lã tso nye lãme.
Woayɔe be ‘nyɔnu’,
elabena ŋutsu me woɖee tsoe."
Virtude e caráter
A beleza é vã e a formosura passageira, mas a mulher que teme ao Senhor é digna de louvor. Seu caráter é seu maior tesouro.
Nyonyo la, beblee,
eye tugbedzedze nu hã va yina kaba;
gake woakafu nyɔnu si vɔ̃a Yehowa.
Nyɔnu nyanu tua eya ŋutɔ ƒe xɔ,
ke nyɔnu bometsila ya tsɔa eya ŋutɔ
ƒe asi vuvua xɔ si wòtu la kɔna ɖe anyi.
Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃ŋutsua,
ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒu tome na srɔ̃a.
Wodea bubu nyɔnu dɔmenyotɔ ŋu,
ke ŋutsu ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi.
Aƒewo kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso dzilawo gbɔ,
ke srɔ̃nyɔnu nyanu ya,
Yehowa gbɔe wòtsona.
Enyo be nànɔ dzogbe wu be nànɔ anyi
kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla kple dɔmedzoedola.
Azɔ la, vinye, megavɔ̃ o. Mawɔ nya sia ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu dɔ, elabena ame sia ame nya be ènye ame tɔxɛ aɖe.
Sabedoria e serviço
As mulheres da Bíblia foram líderes, profetisas e discípulas fiéis. Jesus honrou as mulheres e as incluiu em seu ministério.
Nyɔnu aɖewo dze Yesu yome le eƒe dɔwɔwɔ me
Le esia megbe la, Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ɖe asi eye wode asi tsatsa me le du kple kɔƒe siwo le Galilea nutowo me la me nɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui la. Nyɔnu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le kple esiwo ŋu wòda gbe le la kplɔ wo ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre le, Yohana, Kuza srɔ̃, Kuza sia nye Fia Herod ƒe fiasã bliboa dzi kpɔla, Susana kple ame bubu geɖe siwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe ga kple nuɖuɖu nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi kpɔmii.
Srɔ̃nyɔnuwo kple srɔ̃ŋutsuwo
Nenema ke mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo ale be ne wo dometɔ aɖewo mexɔ nya la dzi se o la, to wo srɔ̃nyɔnuwo ƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔ me la, woakpɔ ɖeɖe, nya aɖeke magblɔmagblɔ na woe,
Nenema ke, mi srɔ̃ŋutsuwo hã minɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me, mide bubu wo ŋu, elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, eye wonye domenyilawo kpli mi le amenuveve nunana si nye agbe si wona mi, ale be naneke maxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.
Ele na wo srɔ̃nyɔnuwo be woanye ame ɖɔŋuɖowo, ke menye ahatsunolawo kple amenyagblɔlawo o, ke boŋ woawɔ nuteƒe le nu sia nu me.
Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo hã o. Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia ɖetugbiwo ale si woafa tui, eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwoe. Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.