Pular para o conteúdo
Publicidade

Nascimento de Jesus

Por Bíblia Online

O nascimento de Jesus é o evento que divide a história. O Verbo se fez carne e habitou entre nós. Deus enviou seu Filho ao mundo para nos salvar e nos reconciliar consigo.

O Verbo se fez carne

Jesus não nasceu por acaso — sua encarnação foi planejada antes da fundação do mundo. Ele se esvaziou e assumiu a forma humana por amor.

Mina susu ma ke si Kristo Yesu me la nanɔ miawo mia me.

Ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ la,

mebui be yesɔ kple Mawu o,

ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do,

eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me.

Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la,

ebɔbɔ eɖokui,

ɖo to yi ɖase ku me,

yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!

Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa be wòaɖe ame siwo le se la te la, be wòate ŋu axɔ abe eya ŋutɔ ƒe viwo ene.

Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya kpɔ gome le woƒe amenyenye me, ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Abosam, eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me.

Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu ̃wo ta.

Elabena Mawu ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.

O anúncio e o nascimento

O nascimento de Jesus foi anunciado por anjos, precedido por sinais e recebido com adoração pelos pastores e pelos magos do oriente.

Yesu dzidzi

Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Wodo Maria, Yesu dada ŋugbe na Yosef be wòaɖe, gake hafi woava kpe la, wokpɔ be Maria fu to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.

Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ be, "Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃Maria kpɔkplɔ be wòava gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu ̃wo me."

Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be, "Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel" (si gɔmee nye, "Mawu li kpli mí ").

Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene. Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu.

Mawudɔla la yi edzi gblɔ be, "Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra nukutɔe! Èle fu ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu.Anye ame xɔŋkɔ aɖe, eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la . Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o."

Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze tso Nazaret si le Galilea la me. Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo ɖe asi hena ŋkɔŋɔŋlɔ; ke fu eƒo le ɣe ma ɣi me.

Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi, ale wòdzi ŋutsuvi si nye via gbãtɔ. Exatsa ɖevi la ɖe abadzivɔ me, eye wòkɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o.

gake mawudɔla la de dzi ƒo na wo gblɔ be, "Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa!

"Ɛ̃, le nyateƒe me la, wodzi ɖela si nye Kristo, Aƒetɔ la na egbea le David ƒe du la me. Ale esia anye dzesi na mi be miakpɔ ɖevi aɖe si woxatsa abadzivɔ ɖe eŋu, eye wotsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me."

Esi mawudɔlawo dzo le wo gbɔ yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo nɔewo be, "Mina míayi Betlehem aɖakpɔ nukunu si dzɔ, si Aƒetɔ la na míenya la ɖa."

Alẽkplɔlawo ɖe abla yi kɔƒea me eye woyi afi si Yosef kple Maria . Wokpɔ vidzĩ la , wokɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me vavã. Esi Alẽkplɔlawo kpɔe la, wogblɔ nu siwo katã dzɔ la kple nya siwo katã mawudɔla la gblɔ na wo le ɖevi la ŋu la na ame sia ame. Woƒe nya la nuku na ame siwo katã see la ŋutɔ.

O Rei que veio servir

Jesus nasceu para ser Rei, e todo aquele que é da verdade ouve a sua voz. Os magos o adoraram e ofereceram seus tesouros.

Pilato gabiae be, "Ekema fiae nenye nyateƒea?"

Yesu ɖo eŋu be, "Ègblɔ nyateƒe be fiae menye. Le nyateƒe me la, susu sia ta wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase tso nyateƒe la ŋu. Ame sia ame si nyateƒe la dzi se la ɖoa tom."

Esi wose fia la ƒe nya la, wogayi woƒe mɔzɔzɔ dzi, eye ɣletivi si wokpɔ le ɣedzeƒe la gadze wo ŋgɔ heyi ɖatɔ ɖe aƒe si me ɖevi la le la tame. Ke esi wokpɔ ɣletivia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ. Esi woge ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria, eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu . Woʋu nu le woƒe nunanawo nu, eye wotsɔ sika, kotoklobo kple lifi . Eye esi Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe bena womagatrɔ ayi Herod gbɔ o la, woto bubu yi wo de.

Seja o primeiro