Ouvir a voz de Deus
Ouvir a voz de Deus é o privilégio supremo do cristão. Ele fala por sua Palavra, pelo Espírito e em circunstâncias — e as ovelhas reconhecem a voz do bom Pastor.
As ovelhas ouvem a voz do Pastor
Jesus disse: minhas ovelhas ouvem minha voz, eu as conheço e elas me seguem. A relação com Deus é íntima e pessoal.
Nye alẽwo sea nye gbe; menya wo, eye wodzea yonyeme.
Abe ale si woŋlɔe ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene la, ‘Mawu afia nu wo katã.’ Ame siwo katã ɖo to Fofo la, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la vaa gbɔnye.
Ame si nye Mawu tɔ la ɖoa to Mawu ƒe nyawo. Susu si ta mieɖoa to Mawu ƒe nyawo o ɖo lae nye be mienye etɔwo o."
"Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe.
Nya la trɔ zu ŋutilã
Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu.
Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.
Deus fala pela Palavra
Toda Escritura é inspirada por Deus. A Bíblia é a voz confiável de Deus registrada para nos guiar em toda verdade.
Mawu tsɔ eƒe nya la na mí to eƒe Gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me la dzi, eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo, eye wòdze. Eyae nye Mawu ƒe mɔ si dzraa mí ɖo nyuie le go sia go me hena nyuiwɔwɔ na ame sia ame.
Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me si va eme to Mawu ƒe gbeƒãɖela la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o. Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene.
Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana.
Gɔmeɖoanyi eveawo
"Ame sia ame si sea nye nya, eye wòwɔna ɖe edzi la le abe nunyala si tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene. Togbɔ be tsi dza sesĩe, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu hã la, xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Enyo, gake woayra ame siwo sea mawunya la, eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ."
Buscar e ouvir
Deus promete: 'Clama a mim, e te responderei.' Quando buscamos sinceramente sua voz, encontramos direção e revelação.
‘Yɔm, eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o, eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!’
Mietrɔ ɖe ɖusime o, mietrɔ ɖe miame o, miase nya siawo le miaƒe megbe be, "Esiae nye mɔ la, mizɔ edzi."
eye woɖe kuku be, "Egbe la, Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye fia mí. Míese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. Azɔ la, míenya be ame ate ŋu aƒo nu kple Mawu, eye maku o.
Yehowa ƒe gbe ɖi le tsiwo dzi;
Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe gbe,
eye Yehowa ɖe gbe le tsi gãwo dzi.
Ŋusẽ le Yehowa ƒe gbe ŋu,
eye ŋutikɔkɔe nye Yehowa ƒe gbe.
Yehowa ƒe gbe ŋe Lebanon ƒe sedatiwo.
Yehowae medo ɣli na sesĩe,
eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. Sela