Pular para o conteúdo
Publicidade

Paciência

Por Bíblia Online

A paciência é fruto do Espírito e virtude essencial da vida cristã. Deus é paciente conosco, e nos chama a ser pacientes com os outros e nas provações.

A paciência de Deus

Deus é clemente e tardio em irar-se. Sua paciência revela seu desejo de que todos se arrependam e cheguem ao conhecimento da verdade.

Yehowa kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu,

medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ ɖe esi.

Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me.

Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene.

Midze miaƒe dziwo,

menye miaƒe awuwo o.

Mitrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la

ŋu, elabena amenuveve

kple nublanuikpɔkpɔ ɖe esi.

Medoa dziku kabakaba o,

eƒe me nyo, eye metsia dzi be yeahe to na ame o.

Ke Mawu kpɔ nublanui nam ale be Kristo Yesu ate ŋu awɔ ŋutinyedɔ abe kpɔɖeŋu ene be wòatsɔ afia ale si wòte ŋu gbɔa dzi ɖi na nu ̃ wɔla gãtɔ kekeake ̃ ame sia ame, ale be woawo naxɔe se be woate ŋu akpɔ agbe mavɔ.

Ke la, Yehowa le lalam vevie be yeave mia nu;

etso be yeakpɔ nublanui na mi,

elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.

Woayra ame siwo katã kpɔa eƒe asinu.

Esperar com paciência

Os que esperam no Senhor renovam as forças. A paciência produz caráter, e o caráter produz esperança que não decepciona.

Kpɔ na Yehowa;

sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo.

Kpɔ na Yehowa.

Zi kpoo le Yehowa ŋkume,

eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me.

Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo,

eye wote ŋu nu ̃ɖi siwo woɖo la,

mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o.

O! Yehowa, le ŋdi me la, àse nye gbe;

le ŋdi me la, matsɔ nye biabiawo aɖo ŋkuwò me,

eye manɔ lalam kple mɔkpɔkpɔ.

Gake ne míele kpɔm na nu si mesu mía si haɖeke o la, míelalanɛ le dzigbɔɖi me.

Mikpɔ dzidzɔ le ɖoɖo siwo katã Mawu le wɔwɔm ɖe mia ŋu la ŋuti. Mido dzi le xaxawo me, eye mianɔ gbedodoɖa dzi ɣe sia ɣi.

Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo ko."

Paciência nas provações

O amor é paciente. A paciência é marca de maturidade espiritual e nos permite perseverar mesmo quando as circunstâncias são adversas.

Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi blewuu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebiã ŋu o; meƒoa adegbe o, eye medana o. Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui o, eye mefiaa amemabumabu o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe me o, eye medea dzesi nu ̃ siwo amewo ɖe eŋu ɖi o.

Migana míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.

Mawu si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me, eye ame sia ame natsɔ Kristo Yesu ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu.

Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi, eye miatsɔ ake mia nɔewo le lɔlɔ̃ me.

Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo.

nàɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo nu ɣeawo katã ɣi, ɣe sia ɣi si nàkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia nyuitɔwo, eye nàka mo na amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze, eye nàtsɔ Mawu ƒe nya anyi wo kple dzigbɔɖi ɣe sia ɣi.

Perseverança até o fim

Quem perseverar até o fim será salvo. O domínio próprio é maior que a conquista de uma cidade.

Ke ame si anɔ te ase ɖe nuwuwu la, woaɖee.

"Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.

Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ,

ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si du.

Sidzedze aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si,

ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la,

ɖea eƒe bometsitsi fiana.

Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ fiakuku la le asiwò o.

Elabena medoa dɔmedzoe eteƒe didina o,

ke eƒe amenuveve ya nɔa anyi agbenɔɣi katã.

Avifafa anɔ anyi le me,

gake aseyetsotso ava le ŋdi me.

Seja o primeiro