Publicidade

Lamentações 2

Mawu ƒe nyagblɔɖiwo va eme

1 Aleke Aƒetɔ la tsɔ eƒe dzikulilikpo

tsyɔ Zion vinyɔnu dzi nye esi!

Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ tso dziƒo xlã ɖe anyigba dzi

eye meɖo ŋku eƒe afɔɖodzinu dzi le

eƒe dzikudogbe o.

2 Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe

nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe.

Eye le eƒe dziku me

wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi.

Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dumegãwo ƒu anyi le vlododo me.

3 Etsɔ dziku helĩhelĩ helã

Israel ƒe dzo ɖe sia ɖe ɖa.

Esi futɔwo gbɔna mía gbɔ la,

eɖe eƒe nuɖusibɔ ɖa.

Ebi le Yakob me abe dzo bibi si fia

nu sia nu si ƒo xlãe la ene.

4 Ehe eƒe da me abe futɔ ene

eye eƒe nuɖusibɔ le klalo.

Ewu ame siwo katã nyo na

eƒe ŋku abe ale si futɔ wɔnɛ ene.

Etrɔ eƒe dziku kɔ ɖe

Zion vinyɔnu ƒe agbadɔ dzi abe dzo ene.

5 Aƒetɔ la zu futɔ eye wòtsrɔ̃ Israel.

Etsrɔ̃ eƒe fiasãwo katã

eye wògbã eƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi.

Edzi Yuda vinyɔnu ƒe nuxaxa

kple konyifafa ɖe edzi.

6 Ekaka eƒe nɔƒe abe ale si

wokakaa kpɔ le abɔ ŋu ene

hegblẽ eƒe takpeƒe.

Yehowa na Zion ŋlɔ eƒe ŋkekenyuiwo

kple Dzudzɔgbewo be

eye le eƒe dziku helĩhelĩ me

wòdo vlo fia la kple nunɔla siaa.

7 Aƒetɔ la gbe nu le eƒe vɔsamlekpui

kple eƒe kɔkɔeƒe la gbɔ.

Etsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo de asi na eƒe futɔwo

eye wodo ɣli sesĩe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me

abe le ŋkekenyuiɖugbe ene.

8 Yehowa ɖoe kplikpaa be

yeagbã gli le Zion vinyɔnu ŋu.

Etsɔ nudzidzeka ɖo eŋu

eye mehe eƒe asi ɖe megbe o,

ke boŋ egbãe gudugudu.

Ena be kpoƒuƒuwo kple gliwo siaa xa nu

eye wo kple eve la siaa mu dze anyi.

9 Eƒe agbowo ɖo do ɖe anyigba

eye wòŋe eƒe gametiwo

kple gakpo siwo ŋu wobla wo ɖo.

Woɖe aboyo eƒe fia

kple dumegãwo ɖo ɖe dukɔwo dome,

se la megali o eye eƒe Nyagblɔɖilawo hã

megaxɔa ɖeɖefia tso Yehowa gbɔ o.

10 Zion vinyɔnu ƒe dumegãwo nɔ anyi

ɖe anyigba le ɖoɖoezizi gã me.

Wolɔ dzofi kɔ ɖe tame

eye wota akpanya.

Ke Yerusalem ɖetugbiwo ya de mo to.

11 Avifafa na nu te nye ŋkuwo ŋu,

nye lãme katã ʋu dzo ɖe menye,

nye dzi lolõ hekɔ ɖe anyigba,

elabena wotsrɔ̃ nye amewo,

eye nu ti kɔ na ɖeviwo

kple vidzĩwo siaa le dua ƒe kpɔdomewo.

12 Wobia wo dadawo be,

"Afi ka abolo kple wain le?"

Elabena nu te wo ŋu le dua ƒe kpɔdomewo

abe ame siwo ŋu wode abi ene

eye woƒe agbe nu tso le wo dadawo ƒe akɔnu.

13 Nya ka magblɔ na wò?

O Yerusalem vinyɔnu,

nu ka matsɔ asɔ kpli wò?

Nu ka magblɔ be ele abe wò ene,

ne mafa akɔ na wò,

O Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o?

Wò abiwo goglo abe atsiaƒu ene,

ame ka ate ŋu ayɔ dɔ wò?

14 Wò nyagblɔɖilawo ƒe ɖeɖefiawo

nye alakpa kple yakanyawo,

womeɖe wò nu vɔ̃wo fia wò,

be womagaɖo wò ɖe aboyo me o.

Ke gbedeasi si wona mi la nye aʋatso

eye wòkplɔ mi trae.

15 Ame siwo katã va toa wò mɔ dzi yina la

si akpe ɖe ŋuwò,

woɖua fewu heʋuʋua ta ɖe wò

Yerusalem vinyɔnu ŋu be,

"Du siae woyɔna be tugbefia

kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔa?"

16 Wò futɔwo katã ke woƒe nuwo baa ɖe ŋuwò,

woɖua fewu eye woɖua aɖukli ɖe ŋuwò be,

"Míemi eya amea agbagbe.

Esiae nye ŋkeke si míele mɔ kpɔm na,

enyo be míele agbe kpɔ eteƒe."

17 Yehowa wɔ nu si wòɖo,

ena eƒe nya si wògblɔ ɖi

gbe aɖe gbe ʋĩi la va eme.

Etsɔ mi ƒu gbe nublanuimakpɔmakpɔtɔe,

ena futɔwo kpɔ dzidzɔ le miaƒe anyidzedze ta

eye wòkɔ míaƒe futɔwo ƒe dzo ɖe dzi bobobo.

18 Ameawo ƒe dzi le ɣli dom na Aƒetɔ la.

O Zion vinyɔnu ƒe gli,

na be wò aɖatsiwo nasi

abe tɔsisi ene zã kple keli,

mègana gbɔdzɔe ɖokuiwò

alo ana dzudzɔ wò ŋkuwo o.

19 Fɔ, fa avi le zã me,

dze egɔme ne zãdzɔɣi ƒe ga ƒo,

trɔ wò dzi kɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe tsi ene.

Tsɔ wò abɔwo do ɖe dzi

nɛ le viwòwo ƒe agbe ta,

ame siwo dɔwuame

na wole kukum le kpɔdomewo.

20 "O Yehowa, ɖo ŋku anyi nàkpɔ nu.

Ame ka nèwɔ alea kpɔ?

Ɖe nyɔnuwo aɖu woƒe dɔmevi,

vi siwo dzi wokpɔa?

Ɖe wòle be woawu nunɔla

kple Nyagblɔɖila le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔeƒea?

21 "Ɖeviwo kple tsitsiawo siaa

ɖo baba ɖe anyigba le kpɔdomewo,

nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo tsi yi nu.

Ewu wo le wò dzikudogbe,

etsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe.

22 "Abe ale si nèyɔa amewo hena ŋkekenyuiɖuɖu ene la,

nenemae nèyɔ ŋɔdzi be wòaƒo xlãm godoo.

Le Yehowa ƒe dzikuŋkekea dzi la,

ame aɖeke mesi alo tsi agbe o.

Ame siwo mehe eye menyi la

nye futɔ tsrɔ̃ wo katã."

Veja também

Publicidade
Lamentações
Ver todos os capítulos de Lamentações
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-16_18-40-07-