Publicidade

Lamentações 4

Zion ƒe tohehe

1 Aleke sika bu eƒe keklẽ

eye sika nyui nyɔ vĩ ale!

Wokaka kpe kɔkɔeawo ɖe kpɔdome

ƒe dzogoewo katã dzi.

2 Aleke Zion viŋutsu vevi

siwo ŋu kpekpeme nɔ tsã abe sika ene la,

le azɔ abe anyize si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene!

3 Amegaxiwo kekeake gɔ̃ hã naa no wo viwo wonona

gake nye amewo va zu ŋlɔmitɔwo

abe tsatsaboli le dzogbe ene.

4 Tsikɔ na be vidzĩwo ƒe aɖe lé ɖe nu me na wo;

ɖevi suewo bia abolo kple kukuɖeɖe

gake ame aɖeke meli ana wo o.

5 Ame siwo ɖu nu vivi kpeɖiwo tsã la,

zu ame ɖigbɔ̃wo le kpɔdomewo.

Ame siwo ta ago veviwo tsã la,

mlɔ gbeɖuɖɔ me fifia.

6 Nye amewo ƒe tohehe lolo wu Sodom tɔ,

du si wogbã ƒu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me

eye asi aɖeke meli akpe ɖe eŋu o.

7 Woƒe dumegãwo da dzo wu sno,

wofu wu nyinotsi,

woƒe ŋutilã biã wu soe

eye woƒe dzedzeme le abe gbloti ene.

8 Ke azɔ la, wonyɔ wu zemabi

eye ame aɖeke gɔ̃ hã medzea si wo le kpɔdomewo o.

Woƒe ŋutigbalẽ lé ɖe woƒe ƒu ŋuti kpaɖii,

eye woƒu abe nake ene.

9 Ame siwo tsi yi nu la tɔ nyo wu

ame siwo ku ɖe dɔwuame ta.

Elabena dɔwuame na wogbɔdzɔ,

heɖiku glãŋui,

le agblemenuku ƒe anyimanɔmanɔ ta.

10 Nyɔnu siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na la tsɔ

woawo ŋutɔ ƒe asiwo lé wo viwo ɖa,

eye wozu nuɖuɖu na wo esi wonɔ nye amewo tsrɔ̃m.

11 Yehowa nyɔ eƒe dziku ƒe aɖi katã

eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖi.

Edo dzo ɖe Zion

eye wòfia eƒe gɔmeɖokpewo.

12 Anyigbadzifiawo mexɔe se kaka,

amewo nayi exɔ ge ase be,

futɔwo kple ketɔwo ate ŋu age ɖe

Yerusalem ƒe agbowo me o.

13 Gake edzɔ, le eƒe Nyagblɔɖilawo ƒe nu vɔ̃

kple eƒe nunɔlawo ƒe nu tovowo ta,

ame siwo kɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖe dua me.

14 Azɔ wole asi tsam le kpɔdomewo

abe ŋkuagbãtɔwo ene.

Woƒo ʋu ale gbegbe be,

ame aɖeke medo dzi ka asi woƒe awuwo ŋuti o.

15 Amewo doa ɣli ɖe wo ta be,

"Midzo le afi sia!

Mi ame makɔmakɔwo!

Mite yi! Mite yi!

Migaka asi mía ŋuti o!"

Ke esi wosi dzo le tsaglãla tsam la,

amewo le dukɔwo me gblɔna na wo be,

"Womate ŋu aganɔ teƒe sia o."

16 Yehowa ŋutɔe kaka wo,

megale wo ta kpɔm o.

Womegadea bubu nunɔlawo ŋu

alo vea dumegãwo nu o.

17 Gawu la, ɖeɖi te míaƒe ŋkuwo ŋu

esi wole mɔ kpɔm na kpekpeɖeŋu si meli o;

tso míaƒe gbetakpɔxɔwo me,

míekpɔ mɔ na dukɔ si mate ŋu

aɖe mí o la be wòava.

18 Amewo le ŋku lém ɖe míaƒe afɔɖeɖe

ɖe sia ɖe ŋu ale gbegbe be,

míagate ŋu ado go azɔ

le míaƒe ablɔwo dzi o.

Míaƒe nuwuwu tu aƒe,

woxlẽ míaƒe ŋkekewo

elabena míaƒe nuwuwu va ɖo.

19 Ame siwo le mía yome tim la

ɖia du wu hɔ̃ le yame;

woti mía yome le towo dzi

eye wode xa ɖi na mí le gbegbe.

20 Yehowa ƒe amesiamina la,

si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me.

Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la,

míanɔ dedie le dukɔwo dome.

21 O, Edom vinyɔnu, tso aseye,

wò ame si le Uznyigba dzi.

Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na,

amu wò eye woaɖe ama wò.

22 O, Zion vinyɔnu, wò tohehe awu enu,

wò aboyomenɔnɔ magadzi ɖe edzi o.

Gake O, Edom vinyɔnu ahe to na wò nu vɔ̃wo

eye wòaɖe wò vɔ̃ɖinyenye ɖe go.

Veja também

Publicidade
Lamentações
Ver todos os capítulos de Lamentações
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-18_12-43-22-