Pular para o conteúdo
Publicidade

Konyifahawo 1

Du si ɖi gbɔlo

1 "Aleke du si fũu

kple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale!

Du si nye du le duwo dome la le azɔ

abe ahosi ene!

Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe.

2 "Ele avi fam hehehe le me

eye aɖatsi tsi alɔgo dzi .

Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ o.

Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo.

3 "Le teteɖeanyi kple dzizizidɔ sesẽwo megbe la,

Yuda yi ɖe aboyo me.

Ele dukɔwo dome

gake mekpɔ gbɔɖemeƒe o.

Ame siwo katã le eyome tim la ke ɖe eŋu le xaxa me.

4 "Zion mɔwo le konyi fam

elabena ame aɖeke megazɔa wo dzi yina ɖe

eƒe azãwo ɖuƒe o.

Eƒe agbowo gbã, eye eƒe nunɔlawo le hũu ɖem.

Eƒe ɖetugbiwo le konyi fam

eye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me.

5 "Eƒe futɔwo zu edziɖulawo

eye eƒe ketɔwo ɖe dzi ɖi.

Yehowa do hiã le eƒe nu ̃ gbogboawo ta.

Viawo yi ɖe aboyo me,

eye wozu aʋaléleawo le futɔwo ŋgɔ.

6 "Zion vinyɔnu ƒe atsyɔ̃wo katã dzo le eŋu.

Eƒe dumegãwo le abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe aɖeke o,

eye le gbɔdzɔgbɔdzɔ me wosi le wo yometilawo ŋgɔ ene.

7 "Yerusalem ɖo ŋku eƒe kesinɔnu siwo

esi le blemaŋkekewo me la dzi,

le eƒe xaxa kple tsaglalãtsatsa ƒe ŋkekewo me.

Esi eƒe amewo dze futɔwo ƒe asi me la,

ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o.

Eƒe futɔwo nye kpɔe eye wokoe le eƒe aƒedozuzu ta.

8 "Yerusalem ƒe nu ̃wo lolo eya ta wòzu ame makɔmakɔ.

Ame siwo dea bubu eŋu tsã la le vlo domi,

elabena wokpɔ eƒe amame,

eya ŋutɔ ɖe hũu hetrɔ dzo.

9 "Eƒe ɖiƒoƒo ɖe eƒe avɔto,

elabena mebu etsɔ me kpɔ o.

Eƒe anyidzedze nuku

eye ame aɖeke meli si afa akɔ o.

"O, Yehowa, nye , kpɔ nye vevesese ɖa

elabena ketɔ la ɖu dzi."

10 Futɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ;

ekpɔ trɔ̃subɔdukɔwo,

ame siwo mèɖe be woage ɖe asaɖa me o la

ge ɖe kɔkɔeƒe la.

11 Eƒe amewo katã le tsatsam le abolo dim kple ŋeŋe,

wotsɔa woƒe kesinɔnu veviwo ɖɔa li nuɖuɖu be woanɔ agbe.

"O, Yehowa, kpɔ ale si wodo vlom la ɖa."

12 "Mi ame siwo katã to afi ma yi,

ɖe mewɔ naneke na mi oa?

Mitsa ŋku miakpɔe ɖa!

Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye,

esi Yehowa he va dzinye le

eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea?

13 "Eɖo dzo ɖa tso dziƒo,

ena wòɖiɖi ɖe nye ƒuwo me.

Eɖo ɖɔ na nye afɔwo

eye wògbugbɔm ɖe megbe.

Ewɔm mezu gbegbe heku

ƒenyi ŋkeke blibo la katã.

14 "Ebla nye nu ̃wo abe kɔkuti ene,

etsɔ eƒe asiwo ̃e wode nu wo nɔewo me.

Woɖiɖi ɖe nye kɔʋume

eye Aƒetɔ la ɖe nye ŋusẽ ɖa.

Etsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o.

15 "Aƒetɔ la gbe nu

le kalẽtɔ siwo katã le donyeme la gbɔ,

eɖo aʋakɔ ɖa

be woato nye ɖekakpuiwo nyanyanya.

Le eƒe wainfiaƒe,

Aƒetɔ la fanya Yuda Vinyɔnuwo.

16 "Esia ta mefa avi

eye nye ŋkuwo fa aɖatsi blobloblo.

Ame aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye afa akɔ nam o

eye ame aɖeke meli si agbɔ agbe nye luʋɔ o.

Vinyewo zu hiãtɔwo

elabena futɔ ƒe alɔ yi dzi."

17 Zion ke eƒe abɔwo me gake

ame aɖeke meli si afa akɔ o.

Yehowa gblɔ nya ɖi ɖe Yakob ŋu be

eƒe aƒelikawo nanye eƒe futɔwo

eye Yerusalem va zu

ŋunyɔnu le wo dome.

18 "Yehowa le dzɔdzɔe,

gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu.

Miɖo to, mi amewo katã,

mikpɔ nye fukpekpewo ɖa.

Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã

yi aboyo me.

19 "Meyɔ ̃nyewo

gake woflum.

Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaa

tsrɔ̃ le dua me

esime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dim

be woaɖu atsi agbe.

20 "O Yehowa, kpɔ ale si metsi dzodzodzoe ɖa!

Nye ameti blibo la metɔtɔ

eye nye dzi le fu ɖem nam

elabena medze aglã vevie.

Yi le nu gblẽm le gota;

eye le eme la, ku koe li.

21 "Amewo se nye ŋeŋe

gake ame aɖeke meli afa akɔ nam o.

Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃eŋkɔ

eye wodzɔ dzi le nu si nèwɔ ta.

Na be ŋkeke si ƒe gbeƒã nèɖe la nava

be woawo nanɔ abe nye ene.

22 "Na be woƒe nu ̃ɖi wɔwɔwo katã nava ŋkuwò me;

na wo

abe ale si nèwɔm

le nye nu ̃wo katã ta la ene.

Nye hũuɖeɖe gbɔ

eye nu te nye dzi ŋuti."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também