Publicidade

Pensamentos

Por Bíblia Online

A Bíblia ensina que somos fruto dos nossos pensamentos. Por isso, Deus nos chama a renovar a mente, pensar em coisas nobres e guardar o coração com toda diligência.

Pensar no que é bom

Paulo nos exorta a pensar no que é verdadeiro, honesto, justo, puro, amável e de boa fama. A mente renovada é o caminho da transformação.

Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu.

Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.

Woyɔ be míanɔ kɔkɔe

Eya ta midzra miaƒe tamesusuwo ɖo hena afɔɖeɖe, miɖu mia ɖokuiwo dzi, mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ katã da ɖe amenuveve si woana mi ne woɖe Yesu Kristo fia la dzi.

Azɔ hena eya ame si tea ŋu wɔa nu geɖe wu nu siwo katã míebiana alo susuna, le eƒe ŋusẽ si le wɔm le mía me la, eya tɔe nye ŋutikɔkɔe le hamea me kple Kristo Yesu me le dzidzimewo katã me, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.

Guardar a mente

A Palavra de Deus discerne os pensamentos e intenções do coração. Guardar a mente é proteger a alma das armadilhas do pecado.

Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le wɔm. Eɖana wu nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo.

Dzɔ dzi ŋu wu nuwo katã,

elabena eyae nye agbe ƒe vudo.

Ɖe toƒe sɔsɔewo na afɔwo

eye nàlé siwo dzi sẽ nyuie la ko atsɔ.

aɖe li, si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume,

ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee.

Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzea eŋu

gake Yehowae daa dziwo kpɔ.

Os caminhos de Deus são mais altos

Os pensamentos de Deus são infinitamente superiores aos nossos. Devemos entregar nossos pensamentos a Ele e confiar em sua sabedoria.

"Elabena nye susuwo menye miaƒe susuwo o

eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o,"

Yehowae gblɔe.

Ame ̃ɖi neɖe asi le eƒe ̃ ŋu,

eye ŋutasẽla neɖe asi le eƒe susu ̃wo ŋu,

netrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nublanui

kple miaƒe Mawu la ŋu,

elabena atsɔ wo akee faa.

Tsɔ nu sia nu si nèwɔna la de Yehowa ƒe asi me,

ekema ɖoɖowo adze edzi na .

Dzro menye, o Mawu, eye nànya nye dzi;

dom kpɔ, eye nànya nye susu si tsi dzodzodzoe.

Kpɔe ɖa be mɔtatra aɖe le menye ,

eye nàkplɔm to mavɔtɔ la dzi.

O! Yehowa, èdzro menye, eye nènyam.

Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi,

eye nènya nye susuwo tso adzɔge ke.

Pensamento e conduta

Do coração procedem os males. A Bíblia nos adverte a não se preocupar excessivamente e a ter pensamentos sóbrios e disciplinados.

Egagblɔ be, "Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame, elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fieŋuifieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo. Nu ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o."

Le dzimaɖitsitsi ŋuti

"Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa?

Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyawo taŋtaŋ abe trɔ̃subɔlawo ene o, elabena wobuna be yewoaxɔ yewoƒe ŋuɖoɖo le nya geɖewo gbɔgblɔ ta.

Nuxɔxlɔ̃ nusrɔ̃lawo tso alakpanuwɔwɔwo ŋu

Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha la dzi ɖe edzi akpeakpewo ale gbegbe be afɔɖoƒe meganɔ anyi o. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, "Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple woƒe alakpanuwɔnawo ŋu. Wowɔa nu abe ame nyui ene, evɔ wovɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake woƒe alakpanuwɔnawo ava dze go gbe ɖeka. Ava dze go abe ale si nuʋãnu nana be abolomɔ hona ɖe dzi hlodzoo ene. Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalĩ le miaƒe xɔgãwo me la, woaɖe gbeƒãe le xɔwo tame."

Ame si wòle be woavɔ̃

Ke mele egblɔm na mi ̃nyewo be, "Migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o. Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi, eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.

"Ho neni akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋɛ aɖe koe oa? Woƒe home mede naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka be o. Miaƒe taɖa katã ̃ ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu. Migavɔ̃ o, elabena miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo.

Yesu me ʋuʋu le amewo ŋkume

"Medi be mana kakaɖedzi mi be, Nye, Amegbetɔ Vi la, made bubu mia ŋu le dutoƒe le mawudɔlawo ŋkume, nenye be miawo mieʋu menye le anyigba sia dzi abe mia xɔlɔ̃ ene. Ke ame si ke gbe nu le gbɔnye le amewo gbɔ la, nye magbe nu la eya gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋkume. Nenye be ame aɖe ƒo nu ̃ɖi le nye Amegbetɔ Vi la ŋu la, ɖewohĩ woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya ̃ɖi aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o.

"Nenye be wokplɔ mi va ƒuƒoƒedzikpɔlawo kple amegãwo ŋkume be yewoadrɔ̃ ʋɔnu mi la, migatsi dzi le nu si miagblɔ la alo atsɔ aɖe mia ɖokui nu ŋu o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ade nya si tututu miagblɔ la nu na mi ne ɣeyiɣia ɖo."

Lododo le kesinɔtɔ bometsila la ŋu

Ame aɖe do ɣli tso ameawo dome gblɔ be, "Nufiala, meɖe kuku na , gblɔ na nɔvinyeŋutsua be wòama fofonye ƒe nuwo me atsɔ tɔnye nam!"

Yesu ɖo eŋu be, "Ŋutsu, ame kae ɖom miaƒe ʋɔnudrɔ̃lae be matso nya sia ƒomevi me?" Eye wògblɔ na wo be, "Mikpɔ nyuie! Milé be na mia ɖokui tso ŋukeklẽ ŋuti, elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o."

Azɔ edo lo sia be, "Agble nyui aɖe si wɔa nuku la gatɔ aɖe si. Le nyateƒe me, eƒe nukuawo ale gbegbe be eƒe avawo katã fũu gbã go, eye megakpɔ nɔƒe na mamlɛawo ̃ o. Ebu ta me le nu si wòawɔ la ŋu vevie, eye susu aɖe va mlɔeba. Edo ɣli gblɔ be, Menya nu si tututu mawɔ, magbã nye ava xoxoawo, eye matu esiwo lolo wu la ɖe wo teƒe, ale be mate ŋu akpɔ nɔƒe na nye nukuawo katã. Eye manɔ anyi agblɔ na ɖokuinye be, "Nɔvi èdzra nuɖuɖu geɖewo ɖo ɖi hena ƒe geɖe siwo gbɔna, eya ta gbɔgbɔ nàɖe dzi ɖe anyi, ɖu nu, nano nu, eye nàɖu agbe nyuie." 

"Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, O, abunɛtɔ, egbe sia me ke woaxɔ agbe le asiwò. Ke ame ka nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?

"Enye nyateƒe be, ale ame sia ame si le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la lee nye esi."

Migatsi dzimaɖeɖi o

Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, "Le esia ta la, mele egblɔm na mi be, migatsi dzi le nu si miaɖu hena agbenɔnɔ alo nudodo siwo miaƒe ŋutilã hiã ŋu o, elabena agbe asi wu nuɖuɖu eye ŋutilã asi wu nudodo. Mikpɔ akpaviãwo ɖa, womeƒã nu o, womeŋea nu o, eye ava ɖeka mele wo si be woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o, gake wokpɔa woƒe gbe sia gbe nuɖuɖu, elabena Mawu ŋutɔ naa nuɖuɖu wo. Evɔ miawo la, miele vevie na Mawu wu xeviwo katã! Hekpe ɖe esia ŋu la, mia dometɔ ka ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka akpe ɖe eƒe agbe ŋu? Eye nenye be dzimaɖeɖi mate ŋu awɔ nu sue siwo megblɔ va yi o la, viɖe kae wòanye be miatsi dzimaɖeɖi ɖe nu gãwo ŋu?

"Mikpɔ dzogbenyawo le baliwo me ɖa. Wometrea ɖeti alo ̃a avɔ o, gake Solomo ame si atsyɔ̃ me ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo nu kura o. Nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu aɖo atsyɔ̃ na mi sãa wu gbe siawo oa? O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi. Xexemedukɔwo katã dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo. Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi."

Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ be wòatsɔ fiaɖuƒe la na mi. Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke mate ŋu aɖu wo o. Afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi anɔ.

Dɔla siwo nɔa ŋudzɔ

"Midzra ɖo, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim. Miawo la, miɖi dɔla siwo le kpɔm na woƒe aƒetɔ be ne egbɔ tso srɔ̃ɖeƒe eye wòva ƒo ʋɔa la, ne yewoaʋui enumake. Dɔla siawo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, ne woƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòkpɔ be wole ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi be dɔla siawo anɔ kplɔ̃ ŋu, eye eya ŋutɔ ado subɔvi ƒe awu aɖo kplɔ̃ ɖe woƒe akɔme be woaɖu nu. Mienya ɣe ka ɣie wòava o, ate ŋu ava le ga asiekɛ me loo alo zãtitina. Gake ne eva ɖo ko, dzi adzɔ eƒe dɔla siwo katã le klalo la. Ame sia ame anɔ klalo na eƒe vava nenye be wònya ga si me wòle vava ge. Ɖeko wòle abe ale si ame nanɔ ŋudzɔ na fiafitɔ ƒe vava nenye be enya ga si me tututu wòle vava ge ene. Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ kpɔm nam o."

Petro biae be, "Aƒetɔ, míawo ko nèle lo siawo dom na loo alo ame sia ame?"

Aƒetɔ la ɖo eŋu be, "Azɔ ame kae nye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi mahã? Eme anyo na dɔla ma ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ va kpɔ be ewɔ eƒe dɔdeasi. Le nyateƒe me la, aƒetɔ la atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu. Gake nenye be dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me be, Nye aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ.Eya ta wòde asi ame siwo wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la ƒoƒo me, eye wòle aha mum la, eƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si mele kpɔm o kple gaƒoƒo si menya o la dzi, eye wòaɖee ɖa le nɔƒe kɔkɔ si wòdae ɖo, eye wòadae ɖe ame mawɔnuteƒewo dome.

"Woahe to na dɔla ma vevie, elabena enya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu be wòawɔ ɖe edzi, gake egbe mewɔe o. Ame si menya be nane si wɔm yele la nye ̃ o la ƒe tohehe masesẽ o. Ame si si wotsɔ nu geɖe dee la, wodi ŋutete geɖe tso egbɔ, elabena nu si wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la gbɔ."

Yesu, ame si he mama

"Ɖe meva be made agbe yeye ƒe dzo anyigbadzitɔwo me. Ne ɖe mewu sia nu xoxo la, ne anyo ŋutɔ hafi. Tsideta dziŋɔ aɖe le ŋgɔnye, eye anye nu si ate ɖe dzinye va se ɖe esime enu nava yi. Miebu be ŋutifafae metsɔ va anyigba dzia? Gbeɖe, dzre kple domemama boŋ metsɔ . Tso azɔ dzi yina la, ƒomewo me ama, akpa etɔ̃ adze yonyeme, eye akpe eve atsi tsitre ɖe ŋunye. Alo akpa eve adze yonyeme, eye akpa etɔ̃ atsi tsitre ɖe ŋunye. Vi kple ƒe gbe madze gbe dzi o le tanye, nenema ke adika aɖo vinyɔnu kple dadaa dome. Eye nenye be ̃xo aɖe aɖo nu nyui aɖe be yeawɔ la, ̃xoyɔvia atu afɔ eme."

Ɣeyiɣiawo gɔme sese

Yesu trɔ ɖe ameha la ŋu azɔ, eye wògblɔ be, "Ne miekpɔ lilikpowo le ƒu ƒom ɖe ɣetoɖoƒe la, miegblɔna be, Agbafie le wɔwɔ ge.Eye tsi dzana vavã. Ne anyigbemeya de asi ƒoƒo me la, miegblɔna be, Egbe la, ŋdɔ le ʋuʋu ge sesĩe.Eye esia vaa eme. Mi alakpanuwɔlawo! Mienya be tsi le dzadza ge alo ŋdɔ le ʋuʋu ge to ŋkuléle ɖe yame kple anyigba ŋu me. Gake miegbe be yewomalé ŋku ɖe nu si gbɔna la ƒe dzesi si ƒo xlã mi la ŋu o.

Ɖekawɔwɔ kple ame si tsɔ nya ɖe ŋuwò

"Nu ka ta miagbe be yewomakpɔ nu si nyo la na mia ɖokuiwo o ɖo? Nenye be futɔ tsɔ nya ɖe ŋuwò, eye nèkpɔe le dzi wòyina fia ƒe ʋɔnu kple nya la, tɔe, eye nàlé avu le mi kplii dome. Ne menye nenema o la, ʋɔnudrɔ̃la ade . Eye ne wode la, ànɔ afi ma va se ɖe esime nàxe fe siwo katã nènyi la wòavɔ keŋkeŋ."

"Mebla nu kple nye ŋku be

megakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o.

Le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si wònam nu la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be: migabu mia ɖokuiwo amegãwoe wu ale si dze o, ke boŋ mibu mia ɖokuiwo ɖokuibɔbɔlawoe le xɔse ƒe dzidzenu si Mawu na mi la nu.

Mama le hamea me

Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me.

Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe ta me alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le ta me . Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko.

Mikpɔ nyuie be miaganɔ mia ɖokuiwo flum o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenyaa nu ŋutɔ le amewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, ekema ele be wòawɔ eɖokui bometsilae hafi ate ŋu anye nunyala vavãtɔ tso dziƒo.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-