Publicidade

Preocupação

Por Bíblia Online

A preocupação é uma das maiores armadilhas da vida moderna. Jesus ensinou que a ansiedade nada acrescenta à nossa vida e nos convida a confiar na provisão do Pai celestial.

Não se preocupe

Jesus disse: não andeis ansiosos pela vossa vida. O Pai celestial sabe do que precisamos e cuida de nós com ternura e fidelidade.

Le dzimaɖitsitsi ŋuti

"Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa?

Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.

Anyigba si dzi kple ŋuve lae nye ame si sea mawunya la, gake dzitsitsi ɖe xexemenuwo kple kesinɔnuwo ŋu hea eƒe susu ɖa tso mawunya la gbɔ, eya ta metsea ku aɖeke na Mawu o.

Nuxɔxlɔ̃ nusrɔ̃lawo tso alakpanuwɔwɔwo ŋu

Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha la dzi ɖe edzi akpeakpewo ale gbegbe be afɔɖoƒe meganɔ anyi o. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, "Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple woƒe alakpanuwɔnawo ŋu. Wowɔa nu abe ame nyui ene, evɔ wovɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake woƒe alakpanuwɔnawo ava dze go gbe ɖeka. Ava dze go abe ale si nuʋãnu nana be abolomɔ hona ɖe dzi hlodzoo ene. Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalĩ le miaƒe xɔgãwo me la, woaɖe gbeƒãe le xɔwo tame."

Ame si wòle be woavɔ̃

Ke mele egblɔm na mi ̃nyewo be, "Migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o. Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi, eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.

"Ho neni akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋɛ aɖe koe oa? Woƒe home mede naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka be o. Miaƒe taɖa katã ̃ ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu. Migavɔ̃ o, elabena miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo.

Yesu me ʋuʋu le amewo ŋkume

"Medi be mana kakaɖedzi mi be, Nye, Amegbetɔ Vi la, made bubu mia ŋu le dutoƒe le mawudɔlawo ŋkume, nenye be miawo mieʋu menye le anyigba sia dzi abe mia xɔlɔ̃ ene. Ke ame si ke gbe nu le gbɔnye le amewo gbɔ la, nye magbe nu la eya gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋkume. Nenye be ame aɖe ƒo nu ̃ɖi le nye Amegbetɔ Vi la ŋu la, ɖewohĩ woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya ̃ɖi aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o.

"Nenye be wokplɔ mi va ƒuƒoƒedzikpɔlawo kple amegãwo ŋkume be yewoadrɔ̃ ʋɔnu mi la, migatsi dzi le nu si miagblɔ la alo atsɔ aɖe mia ɖokui nu ŋu o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ade nya si tututu miagblɔ la nu na mi ne ɣeyiɣia ɖo."

Lododo le kesinɔtɔ bometsila la ŋu

Ame aɖe do ɣli tso ameawo dome gblɔ be, "Nufiala, meɖe kuku na , gblɔ na nɔvinyeŋutsua be wòama fofonye ƒe nuwo me atsɔ tɔnye nam!"

Yesu ɖo eŋu be, "Ŋutsu, ame kae ɖom miaƒe ʋɔnudrɔ̃lae be matso nya sia ƒomevi me?" Eye wògblɔ na wo be, "Mikpɔ nyuie! Milé be na mia ɖokui tso ŋukeklẽ ŋuti, elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o."

Azɔ edo lo sia be, "Agble nyui aɖe si wɔa nuku la gatɔ aɖe si. Le nyateƒe me, eƒe nukuawo ale gbegbe be eƒe avawo katã fũu gbã go, eye megakpɔ nɔƒe na mamlɛawo ̃ o. Ebu ta me le nu si wòawɔ la ŋu vevie, eye susu aɖe va mlɔeba. Edo ɣli gblɔ be, Menya nu si tututu mawɔ, magbã nye ava xoxoawo, eye matu esiwo lolo wu la ɖe wo teƒe, ale be mate ŋu akpɔ nɔƒe na nye nukuawo katã. Eye manɔ anyi agblɔ na ɖokuinye be, "Nɔvi èdzra nuɖuɖu geɖewo ɖo ɖi hena ƒe geɖe siwo gbɔna, eya ta gbɔgbɔ nàɖe dzi ɖe anyi, ɖu nu, nano nu, eye nàɖu agbe nyuie." 

"Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, O, abunɛtɔ, egbe sia me ke woaxɔ agbe le asiwò. Ke ame ka nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?

"Enye nyateƒe be, ale ame sia ame si le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la lee nye esi."

Migatsi dzimaɖeɖi o

Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, "Le esia ta la, mele egblɔm na mi be, migatsi dzi le nu si miaɖu hena agbenɔnɔ alo nudodo siwo miaƒe ŋutilã hiã ŋu o, elabena agbe asi wu nuɖuɖu eye ŋutilã asi wu nudodo. Mikpɔ akpaviãwo ɖa, womeƒã nu o, womeŋea nu o, eye ava ɖeka mele wo si be woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o, gake wokpɔa woƒe gbe sia gbe nuɖuɖu, elabena Mawu ŋutɔ naa nuɖuɖu wo. Evɔ miawo la, miele vevie na Mawu wu xeviwo katã! Hekpe ɖe esia ŋu la, mia dometɔ ka ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka akpe ɖe eƒe agbe ŋu? Eye nenye be dzimaɖeɖi mate ŋu awɔ nu sue siwo megblɔ va yi o la, viɖe kae wòanye be miatsi dzimaɖeɖi ɖe nu gãwo ŋu?

"Mikpɔ dzogbenyawo le baliwo me ɖa. Wometrea ɖeti alo ̃a avɔ o, gake Solomo ame si atsyɔ̃ me ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo nu kura o. Nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu aɖo atsyɔ̃ na mi sãa wu gbe siawo oa? O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi. Xexemedukɔwo katã dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo. Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi."

Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ be wòatsɔ fiaɖuƒe la na mi. Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke mate ŋu aɖu wo o. Afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi anɔ.

Dɔla siwo nɔa ŋudzɔ

"Midzra ɖo, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim. Miawo la, miɖi dɔla siwo le kpɔm na woƒe aƒetɔ be ne egbɔ tso srɔ̃ɖeƒe eye wòva ƒo ʋɔa la, ne yewoaʋui enumake. Dɔla siawo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, ne woƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòkpɔ be wole ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi be dɔla siawo anɔ kplɔ̃ ŋu, eye eya ŋutɔ ado subɔvi ƒe awu aɖo kplɔ̃ ɖe woƒe akɔme be woaɖu nu. Mienya ɣe ka ɣie wòava o, ate ŋu ava le ga asiekɛ me loo alo zãtitina. Gake ne eva ɖo ko, dzi adzɔ eƒe dɔla siwo katã le klalo la. Ame sia ame anɔ klalo na eƒe vava nenye be wònya ga si me wòle vava ge. Ɖeko wòle abe ale si ame nanɔ ŋudzɔ na fiafitɔ ƒe vava nenye be enya ga si me tututu wòle vava ge ene. Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ kpɔm nam o."

Petro biae be, "Aƒetɔ, míawo ko nèle lo siawo dom na loo alo ame sia ame?"

Aƒetɔ la ɖo eŋu be, "Azɔ ame kae nye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi mahã? Eme anyo na dɔla ma ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ va kpɔ be ewɔ eƒe dɔdeasi. Le nyateƒe me la, aƒetɔ la atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu. Gake nenye be dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me be, Nye aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ.Eya ta wòde asi ame siwo wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la ƒoƒo me, eye wòle aha mum la, eƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si mele kpɔm o kple gaƒoƒo si menya o la dzi, eye wòaɖee ɖa le nɔƒe kɔkɔ si wòdae ɖo, eye wòadae ɖe ame mawɔnuteƒewo dome.

"Woahe to na dɔla ma vevie, elabena enya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu be wòawɔ ɖe edzi, gake egbe mewɔe o. Ame si menya be nane si wɔm yele la nye ̃ o la ƒe tohehe masesẽ o. Ame si si wotsɔ nu geɖe dee la, wodi ŋutete geɖe tso egbɔ, elabena nu si wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la gbɔ."

Yesu, ame si he mama

"Ɖe meva be made agbe yeye ƒe dzo anyigbadzitɔwo me. Ne ɖe mewu sia nu xoxo la, ne anyo ŋutɔ hafi. Tsideta dziŋɔ aɖe le ŋgɔnye, eye anye nu si ate ɖe dzinye va se ɖe esime enu nava yi. Miebu be ŋutifafae metsɔ va anyigba dzia? Gbeɖe, dzre kple domemama boŋ metsɔ . Tso azɔ dzi yina la, ƒomewo me ama, akpa etɔ̃ adze yonyeme, eye akpe eve atsi tsitre ɖe ŋunye. Alo akpa eve adze yonyeme, eye akpa etɔ̃ atsi tsitre ɖe ŋunye. Vi kple ƒe gbe madze gbe dzi o le tanye, nenema ke adika aɖo vinyɔnu kple dadaa dome. Eye nenye be ̃xo aɖe aɖo nu nyui aɖe be yeawɔ la, ̃xoyɔvia atu afɔ eme."

Ɣeyiɣiawo gɔme sese

Yesu trɔ ɖe ameha la ŋu azɔ, eye wògblɔ be, "Ne miekpɔ lilikpowo le ƒu ƒom ɖe ɣetoɖoƒe la, miegblɔna be, Agbafie le wɔwɔ ge.Eye tsi dzana vavã. Ne anyigbemeya de asi ƒoƒo me la, miegblɔna be, Egbe la, ŋdɔ le ʋuʋu ge sesĩe.Eye esia vaa eme. Mi alakpanuwɔlawo! Mienya be tsi le dzadza ge alo ŋdɔ le ʋuʋu ge to ŋkuléle ɖe yame kple anyigba ŋu me. Gake miegbe be yewomalé ŋku ɖe nu si gbɔna la ƒe dzesi si ƒo xlã mi la ŋu o.

Ɖekawɔwɔ kple ame si tsɔ nya ɖe ŋuwò

"Nu ka ta miagbe be yewomakpɔ nu si nyo la na mia ɖokuiwo o ɖo? Nenye be futɔ tsɔ nya ɖe ŋuwò, eye nèkpɔe le dzi wòyina fia ƒe ʋɔnu kple nya la, tɔe, eye nàlé avu le mi kplii dome. Ne menye nenema o la, ʋɔnudrɔ̃la ade . Eye ne wode la, ànɔ afi ma va se ɖe esime nàxe fe siwo katã nènyi la wòavɔ keŋkeŋ."

Entregar a ansiedade a Deus

Lançar sobre o Senhor toda ansiedade é um ato de fé. A paz de Deus, que excede todo entendimento, guarda nosso coração e mente.

Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu. Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me.

Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi.

Tsɔ dzimaɖiwo da ɖe Yehowa dzi, eye akpɔ tawò,

elabena mana ame dzɔdzɔe la nadze anyi akpɔ gbeɖe o.

Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi,

ke amenuvenya dea dzi ƒo na ame.

Esi dzitsitsi menye la,

akɔfaname he dzidzɔ na nye luʋɔ.

O! Aƒetɔ, nye dzimedidiwo katã le ŋkuwò me,

eye nye hũɖeɖewo meɣla ɖe o.

A paz de Cristo

Jesus prometeu sua paz — não como o mundo dá, mas uma paz que transcende as circunstâncias e silencia o medo.

Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o.

Yesu fa akɔ na eƒe nusrɔ̃lawo

Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Migana vɔvɔ̃ naɖo mi, eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye dzinye se.

eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli .

Ŋɔ megadzi o, elabena nyee nye Mawu.

Mali ke , eye makpe ɖe ŋuwò;

matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé ɖe te.

Nenye be wolé mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi le nya siwo miatsɔ aʋli mia ɖokuiwo tae la ŋu o. Migblɔ nya sia nya si Mawu de nu na mi la ko, elabena menye mia ŋutɔwoe le nu ƒo ge o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae."

Confiança na provisão divina

Deus é poderoso para suprir abundantemente. O choro pode durar uma noite, mas a alegria vem pela manhã. Sua graça basta.

Seɖoƒe aɖeke meli na Mawu ƒe nunana si wònaa mi gbe sia gbe o. Eya ŋutɔ naa nu siwo hiãa mi la mi, eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ blibo me be ne miewɔ wo ŋuti ʋuu la, agatsi anyi be miana ame bubuwo atsɔ afia nyui wɔwɔ.

Tete mese gbe aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, "Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu. Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi."

Esi Hiob se esia la, etso hedze eƒe awu ʋlaya eye wòlũ eƒe taɖa. Edze klo de ta agu, hedo gbe ɖa be,

"Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe me,

eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo.

Yehowae na eye Yehowae gaxɔe;

woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!"

elabena nuxaxa gbɔ ɖe nunya geɖe me,

eye ame sia ame si dzia sidzedze ɖe edzi la,

dzia nuxaxa ɖe edzi.

eya ta ɖe nuxaxa ɖa le dzime,

eye nàte nu ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso ŋutilã gbɔ,

elabena ɖekapuimenɔnɔ

kple ŋutsumeɖoɖo nye tofloko ko.

Seja o primeiro
Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-