Publicidade

Salmos 38

David ƒe ha. Kukuɖeɖe.

1 O! Yehowa, mègaka mo nam le dziku me,

alo ahe to nam le dɔmedzoe helĩhelĩ me o,

2 elabena aŋutrɔwo ƒo ɖem,

eye asi sẽ ɖe dzinye.

3 dziku helĩhelĩ la wɔe be ŋusẽ aɖeke megale menye o;

nye ƒuwo tugu le nye nu ̃ ta.

4 Nye dzidada gbɔ tanye abe agba kpekpe si

nyemate ŋu atsɔ o la ene.

5 Nye abiwo ƒaƒã hele ʋeʋẽm

le nye bometsitsi ƒe nu ̃ ta.

6 Wobɔbɔm ɖe anyi, eye woɖi gbɔ̃m,

eye ŋkeke blibo la, mele yiyim le nuxaxa me.

7 Vevesese manyagblɔ aɖe nye ame blibo la me,

eye ŋusẽ aɖeke megale nye ameti blibo la ŋu o.

8 Megbɔdzɔ, hegba gudugudu,

eye mele ŋeŋem le nye dzi ƒe vevesese ta.

9 O! Aƒetɔ, nye dzimedidiwo katã le ŋkuwò me,

eye nye hũɖeɖewo meɣla ɖe o.

10 Nye dzi le tsotsom kpokpokpo,

ŋusẽ le ŋunye, eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o.

11 Le nye abiawo ta,

̃nyewo kple nye zɔhɛwo ƒo asa nam,

eye nye aƒelikawo le adzɔge nam.

12 Ame siwo le nye agbe yome tim la tre nam,

ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la

le nu ƒom tso nye gbegblẽ ŋuti;

ŋkeke blibo la wole ɖoɖo wɔm ɖe alakpadada ŋu.

13 Mele abe tokunɔ si mate ŋu ase nu o la ene,

eye mele abe aɖetututɔ si mate ŋu aƒo nu o la ene.

14 Mele abe ame si mesea nu o la ene

kple ame si mate ŋu atsɔ eƒe nu aɖo nya aɖeke ŋu o la ene.

15 O! Yehowa, mele asiwò nu kpɔm,

O! Aƒetɔ, nye Mawu, atɔ nam godoo.

16 Elabena megblɔ be, "Mègana be woakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋutinye,

alo woado wo ɖokui ɖe dzi ɖe ŋutinye ne nye afɔ ɖiɖi o."

17 Esusɔ vie ko madze anyi,

eye nye vevesese la le edzi ɖaa.

18 Meʋu nye dzidada me,

eye nye nu ̃ ɖe fu nam.

19 Ame geɖewoe nye nye futɔ gãwo,

eye ame siwo fum susumanɔmetɔe la gbɔ ŋutɔ.

20 Ame siwo tsɔ ̃ ɖo nyui siwo mewɔ teƒe la

ƒo ɖi nye ŋkɔ,

esi meti nu si nyo la yome.

21 O! Yehowa, mègagblẽm ɖi o,

O! Nye Mawu, mèganɔ adzɔge nam o.

22 Va kaba, nàɖem,

O! Aƒetɔ, nye Ɖela.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-