Reconhecer
Reconhecer a Jesus como Senhor é o fundamento da fé cristã. A confissão de fé é o ato de declarar publicamente quem Jesus é e a quem pertencemos.
Confissão e salvação
Se confessarmos com a boca que Jesus é Senhor e crermos no coração que Deus o ressuscitou, seremos salvos.
Elabena ne ètsɔ wò nu ʋu eme be Yesue nye Aƒetɔ, eye nèxɔe se tso wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe.
Elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena ɖeɖekpɔkpɔ.
Elabena woŋlɔe ɖi be,
"Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la,
ame sia ame adze klo nam,
eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.’ "
eye aɖe sia aɖe aʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ,
hena Mawu Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe.
Reconhecer a fé
Reconhecer a Jesus é um ato de coragem e compromisso. Quem o confessar diante dos homens, Ele confessará diante do Pai.
Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me, eye eya hã le Mawu me.
Ame si ɖu dzi la hã anɔ abe wo ameawo ene, anɔ awu ɣi me. Nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽa me gbeɖe o, ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le Fofonye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume.
Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe.
Mina míalé mɔkpɔkpɔ si me míeʋu la me ɖe asi maʋamaʋãe, elabena ame si do ŋugbea la nye nuteƒewɔla.
Reconhecer o pecado e a bondade de Deus
Reconhecer nossos pecados é o caminho para o perdão. E reconhecer que o Senhor é nossa porção nos dá esperança inabalável.
Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò,
eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o.
Megblɔ be, "Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa",
eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem. Sela
Megblɔ na ɖokuinye be,
"Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ,
eya ta manɔ esinu kpɔm."
Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia sia?
Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae nye Ŋutikɔkɔefia la. Sela.