Pular para o conteúdo
Publicidade

Descansar no Senhor

Por Bíblia Online

Descansar no Senhor é um ato de fé. Em um mundo agitado, Deus nos convida a entregar nossas ansiedades, aquietar o coração e confiar plenamente em sua provisão e cuidado.

O convite ao descanso

Jesus convida os cansados e sobrecarregados a irem a Ele e encontrar descanso para as suas almas. O jugo dele é leve.

Agbagbadzelawo kpekpe

"Mite va gbɔnye, mi ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye agba le mia wum la, eye nye la mana miadzudzɔ. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu le gbɔnye, elabena mefa, mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miaƒe luʋɔwo agbɔ ɖe eme, elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe."

Zi kpoo le Yehowa ŋkume,

eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me.

Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo,

eye wote ŋu nu ̃ɖi siwo woɖo la,

mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o.

"Ɖe dzi ɖi, eye nànya be nyee nye Mawu.

Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome,

eye woadom ɖe dzi le anyigba dzi."

O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi;

mitsɔ miaƒe hiahiãwo ɖe edzi,

elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. Sela

Confiança e paz

Quem confia no Senhor encontra paz perfeita. A ansiedade perde o poder quando entregamos tudo nas mãos do Deus soberano.

Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la

nanɔ ŋutifafa aɖe me,

elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò.

Ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi,

"Dzimetɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo mee miaƒe ɖeɖe le,

eye ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu mee miaƒe ŋusẽ le.

Ke miegbe wo katã.

Dzɔdzɔenyenye ƒe ku anye ŋutifafa,

eye dzɔdzɔenyenye ƒe metsonu anye tomefafa

kple dzideƒo tegbetegbe.

gake ame siwo kpɔa na Yehowa la

ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me.

Woadzo ayi dzi abe ̃wo ene.

Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o.

Woazɔ azɔli, gake nu mati na wo o.

Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me.

Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi.

Esperar no Senhor

Esperar no Senhor renova as forças. A Bíblia nos ensina que aquietar-se diante de Deus e confiar em seu tempo é marca da maturidade espiritual.

Kpɔ na Yehowa;

sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo.

Kpɔ na Yehowa.

Mele kpɔm na Yehowa le dzigbɔɖi blibo me;

etrɔ ɖe ŋutinye, eye wòse nye ɣlidodo.

Tsɔ dzimaɖiwo da ɖe Yehowa dzi, eye akpɔ tawò,

elabena mana ame dzɔdzɔe la nadze anyi akpɔ gbeɖe o.

Migawɔ nu ̃ ne dzi ku mi o;

ne miele miaƒe abawo dzi la,

midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe. Sela

Yehowa ƒe me nyo na ame siwo tsɔ

woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi,

kple ame siwo dinɛ vevie.

Enyo be woalala le ɖoɖoezizi me

na Yehowa ƒe ɖeɖe.

A fidelidade de Deus

Deus é fiel. Seus planos são de paz e esperança. Podemos descansar sabendo que Ele guarda e sustenta quem nele confia.

Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe nake na mi. Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi. Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko.

"Ke woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu

eye wòtsɔa eƒe dzideƒo dea Yehowa me.

Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe to,

eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene.

Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe la,

mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo daa ama ɣe sia ɣi.

Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa."

Yehowa ɖo eŋu be, "Nye ŋutɔ mayi kpli mi, eye mana nu sia nu nadze edzi na mi."

Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.

Fia Asa gblɔ na eƒe amewo be, "Esi Yehowa yra eye ŋutifafa le míaƒe anyigba dzi le esi míeɖo toe ta la, mina míatso duwo fifia eye míaglã wo kple gliwo, tsralawo, agbowo kple gamedetiwo." Ale wowɔ nu siawo eye nu sia nu dze edzi nyuie.

Esi woɖo dua ƒe gbɔto la, Samuel gblɔ na Saul be, "Gblɔ na subɔla la be wòado ŋgɔ" eye subɔla la nenema. "Gake la, lala ne magblɔ gbedeasi si tso Mawu gbɔ la na ."

Seja o primeiro