Salvação
A salvação é a obra suprema de Deus. Pela graça, mediante a fé, somos salvos — não por obras, para que ninguém se glorie. É o presente mais precioso que a humanidade pode receber.
A salvação pela graça
A salvação é dom de Deus, não resultado de esforço humano. Somos justificados pela fé em Cristo Jesus e reconciliados com Deus pelo seu amor.
Le eƒe amenuveve sɔ gbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me, menye nu siwo tso míawo ŋutɔ gbɔ o; ke boŋ enye Mawu ƒe nunana, menye le dɔ siwo miewɔ la ta o, be ame aɖeke naƒo adegbe o.
eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me.
Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi.
Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti la mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe ŋusẽ si nana be ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la nakpɔ xɔxɔ. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, emegbe la, wogblɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã.
elabena wo katã wowɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo,
Elabena asesẽ hafi ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta, ke ame nyui la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eta. Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be: Esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.
Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.
O caminho da salvação
Quem confessa Jesus como Senhor e crê em sua ressurreição será salvo. A fé em Cristo é o único caminho para a salvação.
Elabena ne ètsɔ wò nu ʋu eme be Yesue nye Aƒetɔ, eye nèxɔe se tso wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe. Elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena ɖeɖekpɔkpɔ.
Elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena ɖeɖekpɔkpɔ.
Woɖo eŋu nɛ be, "Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ."
Woɖo eŋu nɛ be, "Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ."
Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o."
Ke ame sia ame si yɔa
Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.’ "
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.
Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.
Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo,
Nova vida em Cristo
Quem está em Cristo é nova criação. A salvação não é apenas perdão, mas transformação completa — de dentro para fora, para a glória de Deus.
Eya ta ne ame aɖe xɔ Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, "kpɔ ɖa!" nuwo katã zu yeye.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o."
Azɔ egblɔ na wo be, "Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o,
Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.
Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me.
Kpɔ ɖa! Metsi tsitre ɖe ʋɔtru la nu, eye mele eƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eme, eye mi kplii míade asi agba me aɖu nu ɖekae.
Segurança eterna
O crente tem a certeza da salvação. Ninguém pode arrebatar da mão de Deus aqueles que Ele chamou, justificou e glorificou.
Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o,
Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe anɔ wo dzi."
Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e, eye togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔ edzi se, eye dzidzɔ manyagblɔ si ŋuti ŋutikɔkɔe le la yɔ mia me fũu, elabena miele miaƒe xɔse ƒe taɖodzinu si nye miaƒe luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la xɔm.
Ame siwo axɔ nyanyui la, eye woade mawutsi ta na wo la akpɔ ɖeɖe, ke ame siwo asẽ to, agbe nyanyui la xɔxɔ la, woabu fɔ wo.
A salvação presente e futura
A salvação é passada (justificação), presente (santificação) e futura (glorificação). Deus nos salva, nos guarda e nos conduz à vida eterna.
Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la do na amewo katã. Efia mí be míagblɔ "Ao" na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo, eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me le fifixexea me,
Le nyateƒe me la, se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o.
nenema ke wotsɔ Kristo hã sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.
Elabena esi míenye Mawu ƒe futɔwo tsã, eye míewɔ ɖeka kple Mawu to Via ƒe ku me la, míakpɔ ɖeɖe wu to eƒe agbe me.
Elabena ale si amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe amewo katã hã le Kristo me.
Nada é impossível para Deus
Aos homens é impossível, mas para Deus tudo é possível. Ele deseja que todos sejam salvos e cheguem ao conhecimento da verdade.
Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ na wo be, "Esia sesẽ na amegbetɔwo, gake ele bɔbɔe na Mawu ya, elabena naneke mesesẽ na Mawu o."
Yesu ɖo eŋu be, "Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!"
Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo."
Esia nye se si Aƒetɔ la de na mí be,
" ‘Mewɔ wò be nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o,
eye nàkplɔ wo tso xexea me ƒe dzogoewo katã dzi
ava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’ "
"Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadzaa, eye wòkplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme. Ke agbo si le xaxɛe, mɔ la hã le buie la kplɔa amewo yina ɖe agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe toa mɔ sia.
Ɖe mienyae be ame vɔ̃ɖiwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o. Ahasiwɔlawo, trɔ̃subɔlawo, matrewɔlawo kple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu bubuwo, fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo, ameŋunyagblɔlawo kple amebalawo la, womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.
Yesu gblɔ nɛ be, "Enyo, ava eme na wò. Wò xɔse da gbe le ŋuwò." Ŋkunɔ la ƒe ŋkuwo ʋu enumake, eye wòde asi nukpɔkpɔ me. Ale wòdze Yesu yome kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.
Mawu me ko nye luʋɔ kpɔ gbɔɖeme le,
eye eya ko gbɔ nye xɔxɔ tsona.
Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam,
eye wò nuɖusi lém ɖe te.
Èbɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm.
Èkeke mɔ le tenye,
be nye klowo magli le tenye o.
Togbɔ be gboti meƒo se o
eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o,
togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o,
togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me,
eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la,
nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me
eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me.
Esi asixɔxɔ kple bubu le ŋutiwò
le ŋkunye me, eye melɔ̃ wò ta la,
matsɔ ŋutsuwo ana ɖe tewòƒe.
Matsɔ amegbetɔwo ana ɖe wò agbe teƒe.