Salvador
Jesus é o Salvador do mundo. Desde a manjedoura até a cruz e a ressurreição, toda a Escritura aponta para Aquele que veio buscar e salvar o que se havia perdido.
O Salvador nasceu
Na plenitude dos tempos, Deus enviou seu Filho ao mundo. O anjo declarou: 'Hoje vos nasceu um Salvador, que é Cristo, o Senhor.'
"Ɛ̃, le nyateƒe me la, wodzi ɖela si nye Kristo, Aƒetɔ la na mí egbea le David ƒe du la me.
Ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ hã la,
mebui be yesɔ kple Mawu o,
ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do,
eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me.
Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la,
ebɔbɔ eɖokui,
ɖo to yi ɖase ku me,
yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!
"Nye ɖeka koe nye Yehowa, miaƒe Mawu,
eye alea ko mele tso esime
ke mekplɔ mi do goe tso Egipte.
Mawu bubu aɖeke mele mia si o,
negbe nye ko,
elabena ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋutinye o.
O sacrifício redentor
Jesus deu a própria vida por nós. Ele é a propiciação pelos nossos pecados e o autor da salvação eterna para todos os que lhe obedecem.
Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko tɔ tae o, ke boŋ ɖe xexea me blibo la ƒe nu vɔ̃wo hã ta.
Esiae nye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene.
Elabena esi míenye Mawu ƒe futɔwo tsã, eye míewɔ ɖeka kple Mawu to Via ƒe ku me la, míakpɔ ɖeɖe wu to eƒe agbe me.
Elabena mienya bena menye sika kple klosalo si gblẽna lae wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso agbe vlo si mia fofowo gblẽ ɖi na mi la me o, ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi, ame si nye alẽvi si ŋuti mokaka kple kpɔtsɔtsɔ mele o.
Eƒe dɔmenyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí,
Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si lɔ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye.
O caminho da salvação
Jesus é o mediador da nova aliança. Ele vive para interceder por nós e pode salvar perfeitamente todos os que se achegam a Deus por meio dele.
eye esi wowɔe blibo la, eva zu ɖeɖe mavɔ kpɔtsoƒe na ame siwo katã ɖoa toe.
Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo.
Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te la ta.
Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.
elabena wo katã wowɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo, eye wotso afia na wo faa to eƒe amenuveve si va to ɖeɖedɔ si Kristo Yesu va wɔ la me.
Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe. Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ "
Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo gblɔ be, "Migavɔ̃ o, elabena menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele, gake mele afi sia o, elabena etsi tsitre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wokɔe mlɔ la ɖa.
Menya be nye Xɔnametɔ le agbe,
eye mlɔeba la, atsi tsitre ɖe anyigba dzi.