Temor dos homens
O temor dos homens é uma armadilha que paralisa a fé. A Bíblia nos convida a trocar o medo humano pela confiança em Deus, que é nosso refúgio e escudo.
Não temas os homens
Deus é a nossa luz e salvação — de quem teremos medo? A Escritura nos encoraja a não temer aqueles que podem destruir o corpo, mas não a alma.
Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe.
Ame ka mavɔ̃?
Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe,
ame ka adzi ŋɔ nam?
Ne ame vɔ̃ɖiwo lũ ɖe dzinye be woavuvum,
ne nye futɔwo kple nye ketɔwo lũ ɖe dzinye la,
woakli nu adze anyi.
Togbɔ be aʋakɔ gã aɖe ɖe to ɖem hã la,
nye dzi mavɔ̃ o,
togbɔ be wodze aʋa ɖe ŋunye hã la,
azɔ koŋ dzi aɖo ƒonye.
"Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã, ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ɔ, ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me.
Ame si wòle be woavɔ̃
Ke mele egblɔm na mi xɔ̃nyewo be, "Migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o. Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi, eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.
Confiança em Deus acima do medo
Quando tememos a Deus, o medo dos homens perde o poder. O Senhor está conosco, e se Ele é por nós, quem será contra nós?
Maka ɖe dziwò ne vɔvɔ̃ ɖom.
Wò Mawu si ƒe nya mekafu,
Mawu si dzi meka ɖo; nyemavɔ̃ akpɔ o.
Nu ka amegbetɔ, ŋutilã kple ʋu, awɔm ma?
Yehowa li kplim, eya ta nyemavɔ̃ o.
Nu ka amegbetɔ awɔm?
Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be,
"Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o.
Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?"
Mègavɔ̃ dukɔ siwo le afi ma la o, elabena Yehowa, wò Mawu la awɔ aʋa na wò."
Eye wò la, ame vi, mègavɔ̃ woawo ŋutɔ loo alo woƒe nyawo o, togbɔ be dza kple aŋɔkawo ƒo xlã wò kpe ɖo, eye nèle ahɔ̃wo dome hã. Mègavɔ̃ nya si woagblɔ, eye mègana woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wonye aglãdzelawo hã.