Vida eterna
A vida eterna é a promessa central do evangelho. Não se trata apenas de duração infinita, mas de qualidade de vida em comunhão com Deus, começando aqui e se estendendo pela eternidade.
O dom gratuito da vida eterna
A vida eterna é um presente de Deus, não resultado de obras humanas. É dada gratuitamente a quem crê em Jesus Cristo.
Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.
Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.
Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.
Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.
Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.
Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be wòanya wò Mawu vavã ɖeka hɔ̃ɔ la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexea me hã dzi ase.
Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be wòanya wò Mawu vavã ɖeka hɔ̃ɔ la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexea me hã dzi ase.
Ke ɖaseɖiɖi lae nye esi be Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe mavɔ sia le Via me.
Eye nu si ƒe ŋugbe wòdo na mí lae nye agbe mavɔ la.
Ke Mawu kpɔ nublanui nam ale be Kristo Yesu ate ŋu awɔ ŋutinyedɔ abe kpɔɖeŋu ene be wòatsɔ afia ale si wòte ŋu gbɔa dzi ɖi na nu vɔ̃ wɔla gãtɔ kekeake gɔ̃ hã ame sia ame, ale be woawo hã naxɔe se be woate ŋu akpɔ agbe mavɔ.
A certeza para quem crê
Quem está em Cristo tem a certeza de que passou da morte para a vida. Nada pode arrebatar o crente da mão de Deus.
"Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe.
Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe anɔ wo dzi."
Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe anɔ wo dzi."
Eye esiae nye ame si dɔm la ƒe lɔlɔ̃nu be magabu ame siwo wòtsɔ nam la dometɔ aɖeke o, ke boŋ be mana woatsi tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena Fofonye ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame sia ame si kpɔa Via dzi, eye wòxɔ edzi se la, akpɔ agbe mavɔ, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi."
"Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, ame si xɔ dzinye se la, agbe mavɔ le esi!
Nye alẽwo sea nye gbe; menya wo, eye wodzea yonyeme. Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o,
Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o, elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o. Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye."
Ke ɖaseɖiɖi lae nye esi be Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe mavɔ sia le Via me. Ame si si Vi la le la agbe le esi, eye ame si si Mawu Vi la mele o la, agbe mele esi o.
Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi ame siwo xɔ Mawu Vi la ƒe ŋkɔ dzi se la, ale be mianya be agbe mavɔ le mia si.
Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi ame siwo xɔ Mawu Vi la ƒe ŋkɔ dzi se la, ale be mianya be agbe mavɔ le mia si.
O caminho para a eternidade
Jesus é o caminho para a vida eterna. Crer nele, segui-lo e perseverar na fé são os passos que nos conduzem à eternidade com Deus.
Le nyateƒe me la, tsi si manae la azu agbetsi, anɔ sisim le eme si ahe agbe mavɔ vɛ."
Migawɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si kplɔa ame yina ɖe agbe mavɔ me si Nye, Amegbetɔ Vi la mana mi la ta. Eya dzie Mawu Fofo la da asi ɖo."
Ameawo biae be, "Nu ka míawɔ be míawɔ dɔ siwo Mawu di?"
Yesu ɖo eŋu be, "Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖa la dzi ase."
Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, "Aƒetɔ, ame ka gbɔ míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.
"Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadzaa, eye wòkplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme. Ke agbo si le xaxɛe, mɔ la hã le buie la kplɔa amewo yina ɖe agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe toa mɔ sia.
"Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadzaa, eye wòkplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme. Ke agbo si le xaxɛe, mɔ la hã le buie la kplɔa amewo yina ɖe agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe toa mɔ sia.
"Nenye be ame aɖe ku ɖe eƒe agbe ŋuti vevie la, abui, ke ne ame aɖe tsɔ eƒe agbe na ɖe tanye la, akpɔe le nuwuwua.
"Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me."
Yesu gblɔ na wo be, "Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame siwo katã gblẽ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖi le lɔlɔ̃ si wotsɔ nam ta, eye be yewoakaka mawunya ta la, woakpɔ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖe eteƒe zi geɖe kple yometiti le agbe sia me. Gake le agbe si gbɔna me la, woakpɔ agbe mavɔ.
Gbe ɖeka sefiala aɖe si nya Mose ƒe seawo nyuie ŋutɔ la va be yeado Yesu ƒe nyateƒetɔnyenye kpɔ. Ebiae be, "Nufiala, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ dome mahã?"
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Aleke Mose ƒe sea gblɔ tso nu sia ŋuti?"
Eɖo eŋu be, "Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi kple luʋɔ blibo la kple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ "
Yesu gblɔ nɛ be, "Èɖo eŋu nyuie ŋutɔ, heyi, eye nàwɔ esiawo katã, ekema agbe mavɔ la asu asiwò!"
Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe.
Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe.
Perseverança e glória futura
A vida eterna exige perseverança. Os sofrimentos presentes não se comparam com a glória que será revelada. Deus nos guardará até o fim.
Ana agbe mavɔ ame sia ame si tsɔa dzidodo wɔa nu nyui eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kple agbe mavɔ si Mawu nana.
be ale si nu vɔ̃ ɖu fia le ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fia to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ dzi.
Mebuna be fukpekpe siwo me tom míele fifia la mate ŋu asɔ kple ŋutikɔkɔe si wole ɖeɖe ge afia le mía me la o.
Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie, eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe si ƒo nuwo katã ta la mí ɖaa.
Susu sia ta míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo kpɔm míele fifia la dzi o, ke boŋ míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo míekpɔna o la dzi, elabena nu siwo wokpɔna la nu mesena yina o, ke nu siwo womekpɔna o la nɔa anyi tegbee.
Migable mia ɖokuiwo o. Mawu menana woɖua fewu le eŋuti o. Elabena nu si ame ƒãna la, eya ke wòŋena. Ame si ƒã nu le ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ tso ŋutilã me; ke ame si ƒã nu le Gbɔgbɔ la me la, aŋe agbe mavɔ tso Gbɔgbɔ la me.
Ame si ƒã nu le ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ tso ŋutilã me; ke ame si ƒã nu le Gbɔgbɔ la me la, aŋe agbe mavɔ tso Gbɔgbɔ la me.
Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo.
Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi.
Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. Mitsɔ mia ɖokuiwo de Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la mee.
A eternidade com Deus
A Bíblia descreve a plenitude da vida eterna: sem dor, sem lágrimas, em perfeita comunhão com Deus para sempre.
Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, "Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu. Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi."
"Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ." Aƒetɔ Mawue gblɔe.
Ame gbogbo siwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe tume la anyɔ, ɖewo na agbe mavɔ, eye bubuawo na ŋukpe kple vlododo mavɔ. Nunyalawo aklẽ abe dziƒoŋunuwo ene eye ame siwo fiaa dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ ame geɖewo la hã aklẽ abe ɣletiviwo ene tegbetegbe.
Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo,
eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o.
Akpɔ wo ta tegbee,
ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo.
Dzro menye, o Mawu, eye nànya nye dzi;
dom kpɔ, eye nànya nye susu si tsi dzodzodzoe.
Kpɔe ɖa be mɔtatra aɖe le menye hã,
eye nàkplɔm to mɔ mavɔtɔ la dzi.
elabena ame si ke ɖe ŋutinye la,
ke ɖe agbe ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.
Xexea me kple eƒe didiwo nu ava yi, gake ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa agbe tegbee.