Publicidade

Provérbios 8

Nunya ƒe ameyɔyɔ

1 Ɖe nunya mele ɣli dom le ame yɔm oa?

Ɖe gɔmesese mekɔ eƒe gbe dzi oa?

2 Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe siwo le mɔto la tame,

afi si afɔmɔwo do go le.

3 Ele tsitre ɖe dua ƒe agbowo ƒe xa

kple agbo la me le ɣli dom sesĩe be,

4 "O ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom na

eye mekɔ nye gbe dzi na amegbetɔƒomea katã.

5 Mi bebewuwo, midze nunya;

mi bometsilawo gɔmesese nesu mia si.

6 Miɖo to elabena nya xɔasiwo le asinye be magblɔ;

meke nye nu be magblɔ nu si le dzɔdzɔe.

7 Nye nu gblɔa nu si le eteƒe,

elabena nye nuyi tsri ̃ɖivɔ̃ɖi.

8 Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe;

ɖeke meglɔ̃ alo nye ayemenya o.

9 Wo katã le dzɔdzɔe na ame si si sidzedze le;

fɔɖiɖi mele wo ŋu na ame siwo si gɔmesese le o.

10 Tia nye amehehe ɖe klosalo teƒe

kple nye gɔmesese ɖe sika nyuitɔ teƒe

11 elabena nunya asi wu adzagba

eye nu siwo dim dzi le la ƒe ɖeke mesɔ kplii o.

12 "Nye, nunya kple ŋuɖɔɖoe nɔa teƒe ɖeka;

gɔmesese kple sidzedze le asinye.

13 Yehowa vɔvɔ̃e nye be nàlé fu ̃,

eya ta metsri dada kple ɖokuidodoɖedzi,

agbe baɖa nɔnɔ kple nya dzodzrowo gbɔgblɔ.

14 Tɔnyee nye aɖaŋudede kple afia nyui tsotso,

gɔmesese kple ŋusẽ le asinye.

15 Dzinyee fiawo tona ɖua fia

eye dziɖulawo dea se siwo le dzɔdzɔe.

16 Dzinyee dumegãwo tona kplɔa du

eye nenema kee nye bubume

siwo le dzi ɖum le anyigba dzi.

17 Melɔ̃a ame siwo ̃am

eye ame siwo diam la kpɔam.

18 Hotsui kple bubu ɖe asinye,

nenema kee nye kesinɔnu

siwo megblẽna o kple dzidzedze.

19 Nye kutsetse nyo wu sika nyuitɔ,

eye nu si dona tso menye la ƒo klosalo nyuitɔ ta sãa.

20 Mezɔna le dzɔdzɔenyenye ƒe dzi

kple nuteƒewɔwɔ ƒe toƒewo,

21 eye mekɔa kesinɔnu ɖe ame siwo ̃am la dzi,

henana woƒe nudzraɖoƒewo gbagbana.

22 "Yehowa dzim abe eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ ene,

hafi wòava nuwo le blema.

23 Etɔ asi dzinye tso mavɔ me ke,

tso gɔmedzedzea me,

hafi xexea me nava dzɔ.

24 Wodzim esime atsiaƒuwo menɔ anyi o,

eye vudo siwo dzia tsi fũu la menɔ anyi o.

25 Hafi woatsɔ towo ada ɖe woƒe nɔƒewo, eye togbɛwo nadzɔ la,

nye la, wodzim xoxo.

26 Hafi wòava anyigba alo gbegbe

alo anyigbadziʋuʋudediwo ̃ la, wodzim xoxo.

27 Menɔ afi ma hafi wòtsɔ dziƒowo ɖo wo nɔƒe

eye wòdzidze dzite da ɖe gogloƒewo tame.

28 Esi wòɖo lilikpowo ɖe dziƒo,

eye wòli ke goglowo ƒe dzɔtsoƒe,

29 esi wòɖo liƒo na atsiaƒu be

eƒe tsiwo magbɔ teƒe si wòde se be woase la dzi o

eye wòɖo anyigba gɔme la, medzɔ xoxo.

30 Ale menye aɖaŋudɔwɔla eƒe axadzi,

dzidzɔ menye gbe sia gbe

eye metsoa aseye le eŋkume ɣe sia ɣi.

31 Medzɔ dzi le eƒe xexe blibo la me

eye amegbetɔwo ƒe nu do dzidzɔ nam.

32 "Eya ta, azɔ la, mi vinyewo, miɖo tom;

woayra ame siwo nye mɔwo me ɖe asi.

33 Ɖo to nye sededewo eye nàdze nunya,

mègado tokue o.

34 Woayra ame si ɖoa tom,

nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtru nu gbe sia gbe

eye wòlalana le nye kpui nu

35 elabena ame si ke ɖe ŋutinye la,

ke ɖe agbe ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.

36 Ke ame si mete ŋu ke ɖe ŋutinye o la,

wɔa nu vevi eɖokui eye ame siwo katã léa fum la ̃a ku."

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-