Publicidade

A volta de Jesus

Por Bíblia Online

A volta de Jesus é uma das maiores promessas da Bíblia. Cristo prometeu que retornará em glória, e os cristãos vivem na expectativa desse dia triunfante.

A promessa do retorno

Jesus prometeu aos discípulos que voltaria. Os anjos confirmaram essa promessa na ascensão, e os apóstolos ensinaram que Ele virá com poder.

Fofonye ƒe aƒe me la, geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be, mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo mianɔ afi ma.

Le nya siawo gbɔgblɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me. Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa. Ame eve siawo gblɔ na wo bena, "Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene."

Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ be, "Ɛ̃, megbɔna kpuie."

Amen. Va, Aƒetɔ Yesu.

"Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ la nu.

Os sinais e o momento

Ninguém sabe o dia nem a hora. Jesus alertou sobre falsos sinais e nos chamou à vigilância constante, pois Ele virá como ladrão na noite.

Ke la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo menya o, Nye, Vi la ̃ nyemenya o, negbe Fofo la ko.

Ame aɖeke menya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o

"Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me. Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nu ɖum, nu nom, srɔ̃ ɖem, eye wotsɔa ame nana be woaɖe va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va, eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi.

Ame aɖeke menya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o

"Ke la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo menya o, Nye, Vi la ̃ nyemenya o, negbe Fofo la ko.

Ŋudzɔnɔnɔ na Aƒetɔ la ƒe vava

Ɣe ka ɣie nu siawo katã ava eme? Nɔvi lɔlɔ̃awo, mehiã be magblɔ nya aɖeke tso ema ya ŋuti o, elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe azãgbe la aɖi ɖe abe ale si fiafitɔ vana le me ene. Esime amewo le gbɔgblɔm be, "Ŋutifafa kple dedinɔnɔ" li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene.

"Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.

"Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le me o la, enɔa ŋudzɔ na fiafitɔ la ƒe vava. Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ kpɔm nam o.

Kristo ƒe vava zi evelia kple eƒe dzesiwo

Le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple ale si míaƒo ƒu ɖe egbɔ ŋuti la, míele biabiam tso mia si, nɔviwo, be migana woatɔtɔ miaƒe susuwo bɔbɔe alo ado dzikatsoameƒo na mi kple nyagblɔɖiwo, nutsotsowo alo kple agbalẽ aɖe si wogblɔ be etso mía gbɔ hele gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe vavagbe la va yi xoxo o. Migana woatɔtɔ miaƒe susuwo, eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o, elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava eye woaɖe ame sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃. Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu.

A glória da segunda vinda

Cristo voltará nas nuvens, com poder e grande glória. Os mortos em Cristo ressuscitarão, e os vivos serão arrebatados para encontrá-lo nos ares.

Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe aɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi, eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã. Le esia megbe la, woakɔ ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe,

Yesu ƒo nu le eƒe vava zi evelia ŋu

"Le fukpekpe ma megbe la,

" Ɣe ado viviti,

eye ɣleti magaɖi o.

Ɣletiviwo age tso dziƒo,

eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.

"Le ɣe ma ɣi me la, amewo akpɔ Amegbetɔ Vi la wòava le lilikpowo me kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe. Adɔ mawudɔlawo be woaƒo ame siwo katã nye etɔwo le xexe bliboa me la nu ƒu tso keke anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi va se ɖe dziƒo ƒe nuwuwu ke.

Nuwuwu ʋɔnudɔdrɔ̃ la

"Ne Nye, Amegbetɔ Vi la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi. Ekema dukɔ siwo katã le xexea me alo ame siwo katã le xexea me la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme, eye mama ameawo me ɖe akpa eve abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene. Mada alẽawo ɖe nye nuɖusime, eye gbɔ̃awo anɔ nye miame.

ɣi dola la

Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi, eye ame aɖe si le ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me. Eƒe ŋkuwo le abe dzoka xɔxɔwo ene, eye fiakuku geɖewo eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti, esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko. Edo awu ʋlaya si wonyrɔ ɖe ʋu me la, eye eƒe ŋkɔe nye Mawu ƒe Nya. Dziƒoʋakɔwo eyome. Wonɔ ɣiwo dom, eye wodo awu siwo wotɔ kple aklala biɖibiɖi, wofu tititi la, eye wo ŋuti . Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ. Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be,

Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.

"Ame siwo katã nye ŋutɔ kple nye nyawo le ŋu kpem na fifia la, woaɖo ŋku edzi be ne nye Amegbetɔ Vi la metrɔ va le bubu si Fofonye anam la me, eye mawudɔla kɔkɔewo ƒo xlãm la, ekema nye makpe ŋu le nenem ƒe ame siawo ŋu.

Vivendo na expectativa

A certeza do retorno de Cristo nos chama a viver em santidade, aguardando novos céus e nova terra onde habita a justiça.

Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene. Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me.

Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.

Esi woatsrɔ̃ nu sia nu alea la, ame ka ƒomeviwo wòle be mianye? Ele be mianɔ agbe le kɔkɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me, esi miele kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo, eye emenuwo alolõ le dzoxɔxɔ la me. Ke le eƒe ŋugbedodo la nu, míele kpɔm na dziƒo yeye kple anyigba yeye, afi si anye dzɔdzɔenyenyeteƒe la.

Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la, nenema ke wotsɔ Kristo sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe na ame siwo katã le elalam.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-