Publicidade

1 Coríntios 12

7 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖea Mawu ƒe ŋusẽ fiana toa mía dometɔ ɖe sia ɖe me eye wòtoa esia dzi kpena ɖe hame blibo la ŋu.

8 Gbɔgbɔ la naa ŋutete ame aɖe be wòaɖo aɖaŋu nyuie. Ame bubu anyo ŋutɔ le nusɔsrɔ̃ kple nufiafia me, eye esiae nye eya ƒe nunana tso Gbɔgbɔ ma ke gbɔ. 9 Gbɔgbɔ la kee naa xɔse ame aɖe eye wònaa dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ ame bubu. 10 Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo, eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ ̃woe le nu ƒom to ame siwo be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o, eye wònaa ŋusẽ ame bubu siwo menya gbe ma o la be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme. 11 Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma ke koe naa ŋusẽ kple nunana siawo katã eye wòtiaa esi dze na mía dometɔ ɖe sia ɖe la na .

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-