14 Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme. 15 Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la sea nu sia nu me tsitotsito eye esia ɖea fu na xexea me tɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena woawo mate ŋu ase nu siawo gɔme o.
16 "Ke ame kae nya Aƒetɔ la ƒe susu?
Ame kae afia nui?"
Ke míawo la, Kristo ƒe susu le mía si.