6 Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋu dɔ o, eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ to me na ame ŋkuta siwo le xexea me, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o. 7 Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na, eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wòwɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexea me va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo.
Publicidade