Pular para o conteúdo
Publicidade

1 Coríntios 6

Womakplɔ nɔvi xɔsetɔ ayi dzimaxɔsetɔwo ƒe ʋɔnui o

1 Nɔvinyewo, nu ka ta, ne masɔmasɔ aɖe dzɔ le mi kristotɔwo dome la, mietsɔa nya la yia fia alo dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe be ame siwo mevɔa Mawu o la nadrɔ̃ na mi, esi wòle be miayi kristotɔwo boŋ gbɔ? 2 Ɖe mienyae bena, gbe ɖeka la, kristotɔwoe aɖu fia ɖe xexea me blibo dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu xexea me tɔwo o mahã? Nu ka ta miate ŋu adzra nya suewo ɖo le mia nɔewo dome o? 3 Alo mienya be gbe aɖe gbe la, kristotɔwoe adrɔ̃ ʋɔnu mawudɔla siwo le dziƒo ̃ , ʋuu keke wòahayi agbe sia me nuwo nye ge oa? 4 Nu ka ta wòhiã be miatsɔ miaƒe nyawo ayi na dzimaxɔsetɔwo be woadrɔ̃ na mi? 5 Mele nya siawo gblɔm kple susu be ŋu nakpe mi. Ɖe miele gbɔgblɔm be le miaƒe hame bliboa me la, ame aɖeke kura meli si si susu le, ale be wòate ŋu awɔ nya siawo ŋu na mi oa?

Veja também