Pular para o conteúdo
Publicidade

1 Coríntios 7

Nya tso srɔ̃ɖeɖe ŋu

1 Nya siwo miebiam le agbalẽ si mieŋlɔ ɖo ɖem me la ƒe ŋuɖoɖoe nye be ne ŋutsu aɖe meɖe srɔ̃ o la, megblẽ naneke o, 2 gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe , ale be ame aɖeke nagawɔ nu ̃ o.

3 Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o, eye srɔ̃nyɔnu nawɔ nenema pɛpɛpɛ. 4 Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye nenema ke srɔ̃nyɔnu kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o.

5 Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.

Veja também