32 Migatsi dzi ɖe naneke ŋu o. Ne srɔ̃ mele ŋutsu aɖe si o la, ekema ekpɔa vovo ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔ ŋu nyuie eye wòdina ɣe sia ɣi be yeƒe agbe nadze Aƒetɔ ŋu. 33 Ke srɔ̃tɔ ya mate ŋu awɔ alea o elabena agbe sia me ƒe hloloetsotso xɔa eƒe ɣeyiɣi eye eƒe didi koe nye be yeadze ye srɔ̃ ŋu ɣe sia ɣi. 34 Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na nyɔnu si ɖe srɔ̃ la kple ɖetugbi si le atsuƒe hã. Nyɔnu si ɖe srɔ̃ la léa be na xexe sia me nuwo kple ale si wòawɔ adze ŋutsu la ŋu. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ la le ŋutilã kple gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi.