8 Eya ta magblɔ na trewo kple ahosiwo be woanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee abe nye ŋutɔ ene. 9 Gake ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be wòaɖe srɔ̃ wu be wòayɔ fũu kple fieŋufieŋu.
10 Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo (menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae) be srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o. 11 Ke ne egbee la, ele nɛ be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ mɔ agbe srɔ̃nyɔnu la o.