Pular para o conteúdo
Publicidade

1 Coríntios 9

Ʋiʋli sesĩe na dziɖuɖufetu la xɔxɔ

24 Ɖe mienyae be ne wole duɖime kem le dusiƒe la, dusilawo katãe kea duɖime, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la oa? Misi du la ale be miaxɔ dziɖuɖufetua. 25 Ame sia ame si di be yeakpɔ gome le hoʋiʋli aɖe me la toa hehexɔxɔ sesẽwo me. Wowɔa esia be woaxɔ dziɖuɖukuku si gblẽna; ke míawo la, míekea duɖime be míaxɔ dziɖuɖukuku magblẽmagblẽ. 26 Eya ta nyemele duɖime kem taɖodzinu manɔsitɔe o, eye nyemele dam abe ŋutsu si le dam ɖe yame la ene o, 27 ke boŋ meƒoa nye ŋutilã hewɔnɛ nye kluvie ale be nyemabu dziɖuɖufiakuku la o, le esime wònye nyee gblɔ agbenya la na amewo hafi.

Veja também