Publicidade

1 Crônicas 17

Mawu ƒe ŋugbedodo na David

1 Esi David ɖi ɖe eme le eƒe fiasã la me la, egblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, "Kpɔ ɖa! Mele siwo me wofa sedatiwo ɖo la me, ke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ya le agbadɔ te."

2 Natan ɖo eŋu be, "nu si nèɖo ɖe ta me be yeawɔ elabena Mawu li kpli ."

3 Ke Mawu gblɔ na Natan le ma me be,

4 "Yi, nàgblɔ na nye dɔla, David be, Ale Yehowa gblɔe nye si: Menye wòe atu nam manɔ eme o. 5 Tso esime meɖe Israel tso Egipte la, agbadɔwo ko me menɔna, meʋu tso agbadɔ ɖeka me yi bubu me va se ɖe egbe. 6 Afi sia afi si meɖe kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, "Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?" 

7 "Gblɔ na nye dɔla David be, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na be; meɖe le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi; 8 menɔ kpli le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ futɔwo. Mana ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me. 9 Gawu la, mana teƒe nye dukɔ, Israel, mali ke wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea me ene 10 alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mabɔbɔ futɔwo ɖe anyi. Mele gbeƒã ɖem na be, Yehowa ŋutɔ atso aƒe na .

11 " Ne ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwòwo dometɔ ɖeka aɖo fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ. 12 Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe dzidzimeviwo naɖu fia tegbetegbe. 13 Manye fofoa eye eya anye vinye. Nyemaɖe nye amenuveve kple ̃ɖa le edzi abe ame si ɖu fia do ŋgɔ ene o. 14 Matsɔe aɖo nye aƒe kple nye fiaɖuƒe nu tegbetegbe ale eƒe dzidzimeviwo aɖu fia ɣeawo katã ɣi.’ "

15 Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David.

David ƒe gbedodoɖa

16 Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be,

"Oo, Yehowa Mawu, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam? 17 Oo Mawu, abe esiawo ɖe womesɔ gbɔ le ŋkume o ene la, ègaƒo nu tso nu si dɔla ƒe aƒe anye le etsɔ si gbɔna la ŋuti. Oo Yehowa Mawu, èle kpɔyem abe nye koe nye ame si de ŋgɔ wu le amewo katã dome ene.

18 "Nya kae David agagblɔ na le bubu si nède dɔla ŋu ŋuti? Elabena ènya dɔla, 19 Oo Yehowa. Le dɔla ta kple le lɔlɔ̃nu me, èwɔ nu sia eye nèna wonya ŋugbedodo siawo katã.

20 "Oo Yehowa, ame aɖeke mele abe ene o eye mawu aɖeke meli o negbe ko abe ale si míesee kple míawo ŋutɔ ƒe towo ene. 21 Eye dukɔ kae le abe dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo le dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ. 22 Èwɔ Israel, dukɔ, wònye tɔwò tegbetegbe eye , Oo Yehowa, nèzu woƒe Mawu.

23 "Azɔ la, Oo Yehowa, na be ŋugbe si nèdo ɖe dɔla kple eƒe aƒe ŋu la nali ke tegbetegbe. abe ale si nèdo ŋugbee ene, 24 ale be wòali ke eye ŋkɔ anye tegbee. Ekema amewo agblɔ be, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Mawu si le Israel dzi ɖum la, eyae nye Israel ƒe Mawu!Eye dɔla, David ƒe aƒe ali ke le ŋkuwòme.

25 ", nye Mawu, èɖee fia dɔla be yeatu eya ta dzideƒo le dɔla si be wòado gbe ɖa na . 26 Oo Yehowa, ènye Mawu vavã! Ètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na dɔla. 27 Azɔ la, edze ŋuwò be nàyra dɔla ƒe aƒe be wòayi edzi anɔ ŋkume tegbee elabena, Oo Yehowa, wòe yrae eya ta yayra anɔ edzi tegbetegbe."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-