6 Le aʋa bubu si wowɔ le Gat me la, ame dzɔtsu aɖe to asibidɛ ade ɖe asi ɖe sia ɖe kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖe sia ɖe, asibidɛawo kple afɔbidɛawo de blaeve-vɔ-ene. Eya hã nye Rafa ƒe dzidzimevi. 7 Esi wòɖu fewu le Israel ŋu la, David nɔviŋutsu, Simea ƒe vi, Yonatan wui.