Migalɔ̃ xexea me o
15 Migalɔ̃ xexea me kple nu siwo le eme la o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexea me la, ekema melɔ̃a Fofo la o. 16 Elabena nu sia nu si le xexea me la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ etso xexea me. Nu siawoe nye: ŋutilã ƒe nudzodzro, ŋkubiabiã kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi.