6 Togbɔ be fifia la, ele na mi be miaxa nu le dodokpɔ ƒomevi geɖewo me hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo hã la, miele dzidzɔ manyagblɔ kpɔm le mɔkpɔkpɔ sia ta. 7 Esiawo va mia dzi ale be miaƒe xɔse si xɔ asi wu sika si gblẽna, evɔ wololõe le dzo me hafi, be woakpɔ miaƒe xɔse be enye nyateƒetɔ, ale wòahe kafukafu, ŋutikɔkɔe kple bubu vɛ, ne woɖe Yesu Kristo fia. 8 Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e, eye togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔ edzi se, eye dzidzɔ manyagblɔ si ŋuti ŋutikɔkɔe le la yɔ mia me fũu, 9 elabena miele miaƒe xɔse ƒe taɖodzinu si nye miaƒe luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la xɔm.