Pular para o conteúdo
Publicidade

1 Pedro 4

2 Le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me le anyigba dzi la, menɔ agbe le ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu. 3 Tsã la, miegblẽ ɣeyiɣi geɖe le nu siwo trɔ̃subɔlawo wɔna la me, esiwo nye ahiãwɔwɔ, nudzodzro ̃wo, ahatsunono, nuɖuɖu vivivo, aglotutu ̃wo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ. 4 Ewɔ moya na wo be miedo ɖi ɖe ŋunyɔnu ƒe tɔɖɔɖɔ sia me kpli wo o, eya ta woli dzu ɖe mia dzi gleglegle. 5 Ke la, ele na wo be woana akɔnta ame si le klalo be yeadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo kple kukuawo. 6 Susu sia ta wogblɔ nyanyui la na ame siwo ku va yi xoxo la , ale be togbɔ be le woƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi me woto ʋɔnudɔdrɔ̃ si me amegbetɔ ɖe sia ɖe tona la, woate ŋu ava Mawu ƒe agbe la gbɔ le gbɔgbɔ me.

7 Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo , eya ta minɔ mo xexi, eye miɖu mia ɖokui dzi, ale be miate ŋu ado gbe ɖa.

Veja também