Eliya si yi Horeb
1 Azɔ la, Ahab gblɔ nu siwo katã Eliya wɔ, ale si wòwu nyagblɔɖilawo katã kple yi la na Yezebel 2 eya ta Yezebel ɖo dɔlawo ɖe Eliya be woagblɔ nɛ be, "Mawuawo nefiam ne woagafiam ɖe edzi nenye be etsɔ woaleawoɣi la, nyemewɔ wò agbe abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene o."
3 Ale Eliya si, le eƒe agbe ta heyi Beerseba si nye du aɖe le Yuda. Egblẽ eƒe subɔla ɖe afi ma. 4 Eya ɖeka zɔ mɔ ŋkeke blibo la yi gbedzi. Enɔ anyi ɖe ati aɖe te eye wòdo gbe ɖa be Yehowa nana yeaku. Egblɔ na Yehowa be, "Eglom azɔ, ɖe nye agbe ɖa, mele kuku ge gbe ɖeka kokoko; nyemenyo wu tɔgbuinyewo o."
5 Eliya mlɔ ati la te eye wòdɔ alɔ̃. Ke mawudɔla aɖe va nyɔe le alɔ̃ me eye wògblɔ nɛ be wòafɔ aɖu nu! 6 Etsa ŋku eye wòkpɔ abolo si mem wonɔ le kpe xɔdzowo dzi kple tsikplu aɖe! Ale wòɖu nu, no tsi la eye wògamlɔ anyi.
7 Mawudɔla la gava zi evelia, ganyɔe hegagblɔ nɛ be, "Fɔ, nàgaɖu nane elabena mɔ didi aɖe le ŋgɔ na wò." 8 Ale wòfɔ, ɖu nu, no nu eye nuɖuɖu la do ŋusẽe ale gbegbe be wòte ŋu zɔ mɔ ŋkeke blaene kple zã blaene yi Horeb to, Mawu ƒe to la dzi.