Pular para o conteúdo
Publicidade

Fiawo 1 4

Salomo ƒe dɔnunɔlawo

1 Ale Fia Solomo ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi.

2 Eƒe dumegãwoe nye:

Azaria, Zadok ƒe vi nye nunɔla;

3 Elihoref kple Ahiya, Sisa ƒe viwo nye nuŋlɔlawo;

Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye ame si ŋlɔa takpekpemenyawo dana ɖi eye wòkpɔa nu xoxowo dzi;

4 Benaya, Yehoiada ƒe vi nye aʋafia na dukɔ la;

Zadok kple Abiata nye nunɔlawo.

5 Azaria, Natan ƒe vi nye dukɔ la ƒe dɔnunɔlawo ƒe tatɔ;

Zabud, Natan ƒe vi nye nunɔla na Fia la ŋutɔ eye wòganye Fia la xɔlɔ̃ tɔxɛ;

6 Ahisa kpɔa fiasã la ƒe nuwo dzi kple fiasã la me nyawo gbɔ;

Adoniram, Abda ƒe vi kpɔa dudɔwɔwɔwo dzi.

7 Solomo gatia dzikpɔla wuieve ɖe Israel blibo la nu, ame ɖeka tso to ɖeka me, ame siwo ƒe dɔe nye be woadi nuɖuɖu na fiasã la me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa sia ɣleti ɖeka le ƒe sia ƒe me.

8 Ame wuieve siawo kple teƒe siwo wodzɔa nuɖuɖu le la woe nye esiawo:

Ben Hur dzɔa nu le Efraim ƒe tonyigba ŋu;

9 Ben Deker dzɔa nu le Makaz, Saalbim, Bet Semes kple Elon Betanan;

10 Ben Hesed dzɔa nu le Arubɔt kple Soko kple Hefernyigba blibo la dzi;

11 Ben Abinadab, ame si ɖe Solomo ƒe vinyɔnu, Tafat la dzɔa nu le Dor ƒe tonyigbawo dzi;

12 Bana, Ahilud ƒe vi dzɔa nu le Taanak, Megido, Bet Sean dzɔa nu le Zaretan gbɔ le Yezreel te kple anyigba si tso Betsan yi Abel Mehola heyi Yokmeam la dzi;

13 Ben Geber dzɔa nu le Ramot Gilead kple Yair, Manase ƒe vi ƒe kɔƒe, le Gilead kple Argob nutowo me le Basan kple du blaade siwo woɖo gli ƒo xlãe eye wode akɔbligbowo wo nu la me.

14 Ahinadab, Ido ƒe vi dzɔa nu le Mahanaim;

15 Ahimaaz, ame si ɖe Basemat, Solomo ƒe vinyɔnu bubu la dzɔa nu le Naftali;

16 Bana, Husai ƒe vi, dzɔa nu le Aser kple Alɔt;

17 Yehosafat, Pania ƒe vi dzɔa nu le Isaka;

18 Simei, Ela ƒe vi dzɔa nu le Benyamin;

19 Geber, Uri ƒe vi dzɔa nu le Gilead kple anyigba siwo nye Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia kple Fia Ɔg, Basan fia tsã la dzi. Dɔdzikpɔla ɖeka kpɔa ame siawo kple woƒe dɔwo dzi.

Gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu le Salomo ƒe fiasã me

20 Israel kple Yuda nye dukɔ si kpɔ kesinɔnu geɖe; woƒe amewo gbɔ eye dzidzeme anyigba la dzi. 21 Fia Solomo ɖu anyigba blibo la dzi tso Frat tɔsisi la to va yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi va Egiptetɔwo ƒe liƒo. Dukɔ siwo dzi wòɖu la, dzɔ nu eye wosubɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me.

22 Nuɖuɖu si Solomo hiã le fiasã la me gbe sia gbe woe nye memi kilolita ade kple afã, bubu, kilolita wuietɔ̃ kple afã, 23 nyitsu dami ewo siwo wonyi le nyikpo me, nyi blaeve siwo wonyi le gbeɖuƒewo, alẽ alafa ɖeka eye ɣe aɖewo ɣi la, wowɔa sẽ, zi, sãde kple xevi damiwo ŋu . 24 Fiaɖuƒe siwo katã Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, tso Tifsa yi Gaza la Fia Solomo ƒe fiaɖuƒe me eye ŋutifafa anyigba blibo la dzi. 25 Le Fia Solomo ƒe agbenɔɣi blibo la me la, ŋutifafa kple dedinɔnɔ Yuda kple Israel siaa eye aƒe kple agble ƒome ɖe sia ɖe si.

26 Tasiaɖamŋusɔ akpe ene (4,000), siwo wowɔ nɔƒe na, kple sɔdola akpe wuieve (12,000) Fia Solomo si.

27 Nuɖuɖudzikpɔla siawo dzɔa nuɖuɖu na Solomo kple eŋumewo ɣleti sia ɣleti 28 eye wonaa ƒo kple aƒla fia la ƒe sɔwo .

Fia Salomo ƒe nunya

29 Mawu na nunya blibo kple gɔmesese deto Solomo le geɖewo nu. 30 Eƒe nunya de ŋgɔ wu nunyala siwo tso Ɣedzeƒe kple esiwo tso Egipte la tɔwo. 31 Enya nu wu Etan, Ezrahitɔ la kple Heman, Kalkol kple Darda, ame siwo nye Mahol ƒe viwo. Exɔ ŋkɔ le dukɔ siwo ƒo xlãe la me. 32 Eto lododo akpe etɔ̃ eye wòkpa ha akpe ɖeka kple atɔ̃. 33 Enya nu tso nu gbagbewo abe lãwo, xewo, dawo kple tɔmelãwo ene ŋu. Eganya nu tso atiwo ŋu, tso Lebanon ƒe sedati gãwo dzi va se ɖe kakle siwo tsina le gli dzedzewo me la ŋuti. 34 Fiawo dɔa amewo tso anyigba geɖewo dzi ɖona ɖe egbɔ be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo tso egbɔ.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também